Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woayi Kpekpewo
1 “Míele mía xɔlɔ̃ ɖesiaɖe si le nutoa me . . . si di be yeayi kpekpewo la kpem dzidzɔtɔe be wòava faa.” Tso esime gbeƒãɖeɖe sia dze le Zion’s Watch Tower ƒe tata si nye November 1880 me la, Yehowa Ðasefowo tsɔ didi vevie kpe amewo be woava ƒo ƒu na Biblia me nufiame xɔxɔ. (Nyaɖ. 22:17) Tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖee esia nye.
2 Ele Vevie be Nàyi: Míekpɔa yayra ne míede ha kple hamea. Míeva nyaa míaƒe Mawu wɔnuku, Yehowa, ɖe edzi. Míeƒoa ƒu ɖekae le hamea me be ‘Yehowa nafia nu mí.’ (Yes. 54:13) Eƒe habɔbɔa wɔa Biblia fiafia ƒe ɖoɖo si yia edzi ɖaa si na míetena ɖe eŋu kplikplikpli eye wònaa kpekpeɖeŋu akuaku mí le “Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã” dzi wɔwɔ me. (Dɔw. 20:27; Luka 12:42) Kpekpewo naa hehe mí le Mawu ƒe Nya la fiafia ƒe aɖaŋu me. Ŋkuɖodzinya siwo tso Ŋɔŋlɔawo me kpena ɖe mía ŋu be ƒomedodo nyui nɔa mía kple ame bubuwo kpakple Yehowa dome. Hadede kple amesiwo lɔ̃ Mawu doa ŋusẽ míaƒe xɔse.—Rom. 1:11, 12.
3 Kpe Amewo Tẽ: Kpe Biblia-nusrɔ̃vi ɖesiaɖe le nusɔsrɔ̃ gbãtɔa me be wòava kpekpewo. Gblɔ nya aɖe si de dzi ƒo na wò le kpekpe si wowɔ va yi me eye nàdzro nya aɖe si me woava dzro le kpekpe si kplɔe ɖo me kplii tsɔ nyɔ eƒe ɖetsɔleme. Ðɔ Fiaɖuƒe Akpataa nɛ, eye kpɔ egbɔ be enya alesi wòawɔ ake ɖe eŋu.
4 Ne nusrɔ̃via meva enumake o hã la, yi edzi nanɔ ekpem. Zã aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo kwasiɖa ɖesiaɖe nàtsɔ afia alesi míaƒe habɔbɔa wɔa dɔe. Zã Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm ƒe agbalẽ gbadza la kple video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name tsɔ kpe ɖe eŋu be wòanya nu tso mía kple míaƒe kpekpewo ŋu. Mia kple gbeƒãɖela bubuwo miyi nusrɔ̃via gbɔ be wòadze si wo. Ne èle gbe dom ɖa la, da akpe na Yehowa ɖe habɔbɔa ta eye nàgblɔ alesi wòhiã be nusrɔ̃via nade ha kplii.
5 Mègahe ɖe megbe le kpekpeɖeŋu nana ɖetsɔlemetɔ yeyewo be woava de ha kpli mí me o. Ne woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu le to dem la, aʋã wo be woatsɔ nusi wosrɔ̃ la awɔ dɔe eye woava zu Mawu ƒe habɔbɔ wɔɖeka la me tɔwo.—Kor. I, 14:25.