Nyabiaɖaka
◼ Aleke woawɔ agbalẽ agbɔsɔsɔme si hiã nanɔ Fiaɖuƒe Akpata me ɣesiaɣi?
Míaƒe agbalẽwo—siwo nye agbalẽbablawo, agbalẽ gbadzawo, magazinewo, kple traktwo—léa nyatakaka siwo sɔna ɖe ɣeyiɣia nu siwo wotu ɖe Mawu ƒe Nya dzi ɖe asi ɣesiaɣi. Wokpena ɖe amewo ŋu wodea dzesi nyateƒe siwo ku ɖe Fiaɖuƒea kple xexe yeyea ƒe yayrawo ŋu. Agbalẽawo zazã nyuie na wote ŋu ɖo ame geɖe ƒe dzi gbɔ, si ʋã wo wotiae be yewoanɔ nyateƒea ƒe akpa dzi. (Nyaɖ. 9:10) Subɔsubɔdɔdzikpɔla wɔa dɔ kple magazine kpakple agbalẽ dzikpɔlawo hekpɔa egbɔ be agbalẽ kple magazine agbɔsɔsɔme siwo hiã la le hamea si ɣleti sia ɣleti.—August 1992 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, ƒe Nyabiaɖaka.
Hame ɖesiaɖe nɔa te ɖe gbeƒãɖela kple mɔɖela ɖesiaɖe ƒe nudɔdɔ dzi dɔa Nyɔ! kple Gbetakpɔxɔ magazine ƒe agbɔsɔsɔme si sɔ. Ne dzidziɖedzi wɔe be wòva hiã be woadzi agbalẽdɔdɔa ɖe edzi la, woɖoa nudɔdɔ yeye ɖe Habɔbɔa kaba.
Le nyatakaka siwo ku ɖe agbalẽnunana si gbɔna kple agbalẽwo ƒe agbɔsɔsɔ “Monthly Movement of Literature” ŋuti nyatakaka ŋudɔwɔwɔ me la, nɔvi siwo kpɔa esia gbɔ nakpe “Literature Request Form” ɖo. Gbeƒãɖelawo natsɔ woƒe nudɔdɔwo ana agbalẽdzikpɔlaa be wòatsɔ akpe ɖe hamea ƒe agbalẽnudɔdɔwo ŋu.
Le afisi hame siwo wu ɖeka zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, hameawo dometɔ ɖeka nyea esi kpɔa agbalẽdɔnyawo gbɔ. Wotiana nɔviŋutsu si dzi woate ŋu aka ɖo be wòanye agbalẽwo ƒe ɖoɖodzikpɔla. Agbalẽwo ƒe ɖoɖodzikpɔla la kple eƒe kpeɖeŋutɔ wɔa dɔ aduadu kple subɔsubɔdɔdzikpɔlawo kpakple hame siwo kpena le Fiaɖuƒe Akpataa me ƒe agbalẽ dzikpɔlawo le agbalẽdɔdɔ me.
Le ɣleti ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la, hame ɖesiaɖe ƒe agbalẽ dzikpɔlawo ɖoa “Literature Request” (S-14) gbalẽvi, si dzi woŋlɔ woƒe agbalẽdɔdɔwo ɖo hede asi ete la ɖe agbalẽwo ƒe ɖoɖodzikpɔlaa kaba. Woƒoa hameawo ƒe agbalẽnudɔdɔ siawo nu ƒu heɖonɛ ɖe alɔdzedɔwɔƒe to hame si le agbalẽdɔnyawo dzi kpɔm dzi le ɣleti si kplɔe ɖo ƒe ŋkeke adelia dzi. Agbalẽwo ƒe ɖoɖodzikpɔla la xlẽa agbalẽ siwo míexɔna ɣleti sia ɣleti tso alɔdzedɔwɔƒea eye wòwɔa eŋuti nuŋlɔɖiwo enumake. Èxlẽa agbalẽ siwo li zi ɖeka ɣleti ɖesiaɖe ale be wòagadɔ agbalẽ siwo le ʋɛ wu alo sɔ gbɔ fũ akpa o. Hame si kpɔa agbalẽdɔnyawo gbɔ dzie wotsɔa agbalẽdɔnyawo katã tonɛ.
Wotsɔa nudɔdɔ siwo ŋu ɖoɖo le alo esiwo le gbe bubuwo me ana hame si dɔe la enumake be woatsɔe na amesiwo dɔe. Mele be hame bubu nazã wo o. Ne nudɔdɔawo ƒe afã koe woxɔ alo ne agbalẽ siwo woana le ɣleti ma me mesɔ gbɔ o la, agbalẽwo ƒe ɖoɖodzikpɔla akpɔ egbɔ be woma esiawo alesi sɔ ɖe hameawo nu.—Fil. 2:4.