INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/01 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 12/01 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le December me: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. Ne ema mele mia si o la, miate ŋu ana Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, The Bible—God’s Word or Man’s?, alo Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi.January: Miate ŋu ana axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1987 si anɔ hamea si. Hame siwo si Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee le hã ate ŋu anae. February: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?, Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, alo axa 192-gbalẽ xoxo ɖesiaɖe si le hamea si. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba ɖesiaɖe adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme.

◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòatia nato hamea ƒe gakɔnta me le December 1 dzi alo le emegbe kpuie. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔe vɔ.

◼ Taflatse mide dzesii be ƒe 2003 ƒe Ŋkuɖodzia adze Kuɖa, April 16 dzi, le ɣeɖoto megbe. Le alesi wɔnaa le vevie ta la, ne miele Ŋkuɖodzinuƒoa ƒola tiam la, hamemegãwo ƒe ha la natia amesiwo dze nyuie wu la dometɔ ɖeka tsɔ wu be woanɔ wo nɔewo ɖɔlim ko alo anɔ nɔviŋutsu ɖeka aɖe ko zãm ƒe sia ƒe. Ne hamemegã si nye amesiamina li si ate ŋu ana nuƒoa la, ekema mitiae.

◼ Mikpɔ egbɔ be mieklã ƒea ƒe mawunyakpukpuia ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me kaba le January 1 dzi. Le hamewo katã me la, ƒea ƒe mawunyakpukpuia nasɔ kple alesi wòdze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Ƒea ƒe mawunyakpukpuia enye “Mite va gbɔnye . . . eye nye la, mana dzudzɔ mi.”—Mat. 11:28.

◼ Agbalẽ Yeye Siwo Li:

Watch Tower Publications Index—1986-2000—Eŋlisigbe

◼ Agbalẽ Yeye Siwo Gali:

“All Scripture Is Inspired of God and Beneficial”—Eŋlisigbe

Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona—Eŋlisigbe

Insight on the Scriptures—Eŋlisigbe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe