INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/02 axa 1
  • Ðekawɔwɔ Dzidzɔtɔe Kple Yehowa Kpakple Via

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðekawɔwɔ Dzidzɔtɔe Kple Yehowa Kpakple Via
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Tae Míedea Ŋkuɖodzia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ŋkuɖoɖo Tafea Dzi Ŋudzedzekpɔkpɔtɔe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Yehowa Yrana Ðe Agbagba Siwo Míedzena Be Míade Ŋkuɖodzia Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • “Minɔ Esia Wɔwɔ Dzi Hena Ŋkuɖoɖo Dzinye”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 3/02 axa 1

Ðekawɔwɔ Dzidzɔtɔe Kple Yehowa Kpakple Via

Míaɖu Ƒea ƒe Azã Vevitɔ Kekeake le March 28 lia Dzi

1 Ne míekpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe azã me le March 28, 2002, ƒe ɣeɖoto megbe la, míele eɖem fia be míewɔ ɖeka dzidzɔtɔe kple Yehowa Mawu kpakple Yesu Kristo. Le ŋkeke tɔxɛ ma dzi la, Kristotɔ amesiaminawo ƒe ame susɔewo akpɔ gome le “ƒomedodo” tɔxɛ si le woa kple Fiaɖuƒe domenyila bubuwo, kple Fofo la, kpakple Via, dome la me. (Yoh. I, 1:3; Ef. 1:11, 12) “Alẽ bubuwo” me tɔ miliɔn geɖe ade ŋugble le mɔnukpɔkpɔ xɔasi si su wo si be woawɔ ɖeka kple Yehowa kpakple Via, si nye ɖekawɔwɔ kpli wo le dzi kple susu me, le Mawu ƒe dɔa wɔwɔ ade goe me la ŋuti!—Yoh. 10:16.

2 Dɔwɔwɔ Ðekae le Ƒomedodo Kplikplikpli Me: Yehowa kple Yesu nɔ anyi ɖekae le dzidzɔ me tso gbaɖegbe ke. Wose vivi le hadede kplikplikpli me ƒe gbogbo si manya xlẽ o hafi woava wɔ amegbetɔ. (Mixa 5:2) Esia wɔe be numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ sẽŋu aɖe va ɖo wo dome. Ŋgɔgbevi sia, si nye nunya si woɖɔ abe ame ene la, te ŋu gblɔ le eƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu ŋu be: “Nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le [Yehowa] ŋku me ɣeawokatãɣi.” (Lod. 8:30) Hadede kplikplikpli kple amesi nye lɔlɔ̃ Dzɔtsoƒe ƒe gbogbo manyaxlẽ la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Mawu ƒe Vi la dzi!—Yoh. I, 4:8.

3 Esi amegbetɔƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe hiahiã nɔ susu me na Yehowa ta la, etia eƒe tenuvi, amesi kpɔa dzidzɔ ɖe amegbetɔwo ŋu vevie, be wòanye tafevɔsa, esi nye míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia la. (Lod. 8:31) Abe alesi Yehowa kple Via wɔ ɖeka be woaɖo tameɖoɖo ɖeka gbɔ ene la, nenema ke míawo hã míewɔ ɖeka kpli wo kpakple mía nɔewo le lɔlɔ̃ ƒe nublanu sẽŋuwo me hele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm kple dzidzɔ.

4 Míaƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ si Tso Dzi Me Ðeɖefia: Ne míeyi Ŋkuɖodzia ɖuƒe heɖo to nyuie bubutɔe la, míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ akuakua afia ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple Via ƒe vɔsasa ɖe mía ta siaa ŋu. Woaƒo nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo lɔlɔ̃tɔe, eƒe nuteƒewɔwɔ yi ɖaseɖe ku me le tafevɔsaa nana me, kple eƒe dziɖulanyenye abe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si wòɖo anyi la ƒe Fia ene, kpakple yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ na ameƒomeae ŋu. Woaɖo ŋku alesi wòhiã be míayi edzi anɔ míaƒe xɔse ɖem fia ahanɔ nu wɔm le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu abe “hadɔwɔlawo na nyateƒe la” ene hã dzi na mí.—Yoh. III, 8; Yak. 2:17.

5 Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woakpɔ Gome le Eme Kpli Mí: Ele be hamemegãwo ƒe ha la nadze agbagba etɔxɛe ade dzi ƒo na Ðasefo siwo katã megadea gbeadzi o siwo le anyigbamamaa me be woayi Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe. (Mat. 18:12, 13) Miŋlɔ amesiwo katã gbɔ wòle be miaɖo ƒe ŋkɔwo ɖi bene miagaŋlɔ wo dometɔ aɖeke be o eye miakpe wo dometɔ ɖesiaɖe tẽ.

6 Ènya ame bubu siwo ate ŋu ava Ŋkuɖodzia ɖuƒea? Wɔ afɔɖeɖea nàtsɔ anyɔ woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe azã sia ŋu. Mikpe wo vividoɖeameŋutɔe, eye mina woase le wo ɖokui me be ehiã be woava. Mina míadze agbagba ɖesiaɖe akpe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo, kpakple ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo katã be woava ƒea ƒe azã vevitɔ kekeake sia ɖuƒe. Tafevɔsaa ƒe viɖewo kpɔtɔ li na amesiwo katã asrɔ̃ nu tso ‘asixɔxɔ si le Kristo Yesu ŋuti sidzedze si ƒo wo katã ta la ŋuti.’ (Fil. 3:8) Agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ sẽŋu ate ŋu asu amesiwo xɔ Kristo ƒe tafevɔsaa dzi se la si.—Yoh. 3:16.

7 Mègabu ŋusẽ si Ŋkuɖodzia yiyi ate ŋu akpɔ ɖe dzianukwaretɔwo dzi la nu tsɛe gbeɖe o. Le ƒe eve siwo va yi me le Papua New Guinea ƒukpo dzi la, ɖetsɔlemetɔ 11 nɔ tɔdziʋu sue aɖe me gaƒoƒo 17 sɔŋ yi du si me woawɔ Ŋkuɖodzia le. Nukatae? Wogblɔ be: “Míedi be míaɖu Kristo ƒe Ŋkuɖodzia kple hati Yehowa subɔlawo; eyata viɖe nɔ mɔ legbee ma zɔzɔ ŋu.” Bu dzonɔameme si ɖetsɔlemetɔ mawo ɖe fia kple ŋudzedze si wokpɔ be woawɔ ɖeka kple Yehowa, Via, kpakple Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa dzidzɔtɔe la ŋu kpɔ!

8 Do Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo katã ava la gbɔ. De dzi ƒo na wo be woade hame ƒe kpekpewo edziedzi eye woagblɔ nyateƒe siwo srɔ̃m wole la na ame bubuwo. Kpe ɖe wo ŋu be ‘woazɔ kekelia me’ eye ‘woawɔ ɖe nyateƒenya la dzi’ to Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ me le woƒe agbenɔnɔ me. (Yoh. I, 1:6, 7) Kpe ɖe wo ŋu be woatu ƒomedodo kplikplikpli kple Yehowa ɖo eye woayi edzi anɔ tsitsim le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woawɔ ɖeka le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me ŋu.

9 Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye esi wònye be míawɔ ɖeka dzidzɔtɔe le “gbɔgbɔ ɖeka me, eye míatsɔ luʋɔ ɖeka aʋli nyanyui ƒe xɔse la ta”! (Fil. 1:27, 28) Mina míakpɔ mɔ na hadede ɖekae si me dzidzɔ le le Ŋkuɖodzia me le March 28 lia dzi, eye míayi edzi anɔ akpe dam na Yehowa kple Via ɣeawokatãɣi!—Luka 22:19.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe