INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/02 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 12/02 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le December me: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. Ne esia meli o la, miate ŋu ana The Bible—God’s Word or Man’s?, Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, alo Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. January: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1988 siwo anɔ hamea si. Hame siwo si axa 192-gbalẽ xoxo mawo mele o ate ŋu ana Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee. February: Míana agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? alo Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛ adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme.

◼ Alɔdzedɔwɔƒea anɔ tutu le ŋkeke siwo gbɔna dzi: March 6, 2003 kple July 1, 2003. Ðoɖo aɖeke manɔ anyi na amedzrowo kpɔkplɔ atsa le ŋkeke mawo dzi o.

◼ Míaɖo ƒe 2003 ƒe Ŋkuɖodzia (Kuɖa, April 16) ƒe amekpegbalẽvi si le gbe si hame ɖesiaɖe wɔa eƒe kpekpewo le me ɖe miaƒe hamea kpuie. Ne wodoa gbe bubuwo le miaƒe anyigbamama me tsɔ kpe ɖe gbe si me miewɔa miaƒe kpekpea le eye miedi be woaɖo gbegbɔgblɔ mawo ƒe amekpegbalẽviwo ɖe mi la, ke ele be miazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔ gbegbɔgblɔ mawo enumake. Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo anɔ Eŋlisigbe, Eʋegbe, Gɛgbe kple Twigbe me. Taflatse midɔ gbegbɔgblɔ siwo miehiã na miaƒe anyigbamama ɖeɖeko.

◼ Taflatse mide dzesii be ƒe 2004 ƒe Ŋkuɖodzia adze Kwasiɖa, April 4 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. Ne miele amesi aƒo Ŋkuɖodzinuƒoa tiam la, hamemegãwo ƒe ha la natia hamemegã siwo dze nyuie dometɔ ɖeka wu be woanɔ wo nɔewo ɖɔlim ko alo anɔ nɔviŋutsu ɖeka aɖe ko zãm ƒe sia ƒe. Ne hamemegã amesiamina si ŋu lãmesẽ le, si ate ŋu ana nuƒoa le mia dome la, ekema mitiae.

◼ Míele tɔtrɔ wɔm le alesi míewɔa Teokrasi Subɔsubɔ Sukua le nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔɣi ŋu. Tso January 2003 me la, ne wotsɔ hadzidzi kple gbedodoɖa ʋu kpekpea nu megbe la, woazã abe miniti 25 ene atsɔ awɔ sukuae. Woaƒo miniti atɔ̃ ƒe nuƒo si ku ɖe nuƒoƒo ƒe nudidi ŋu, woatsɔ miniti ewo ana nufiamenuƒo, eye woatsɔ miniti ewo awɔ Biblia me dzodzro. Womawɔ dɔdasi 2 lia, 3 lia, kple 4 lia o. Le sukua yome la, miniti 30 ƒe Subɔsubɔ Kpekpe akplɔe ɖo. Eyome ne wodzi ha vɔ la, nutome sue dzikpɔla ƒe nuƒo si axɔ miniti 30 akplɔe ɖo, eye woatsɔ hadzidzi kple gbedodoɖa akpãe.

◼ Mikpɔ egbɔ be mieklã ƒea ƒe mawunyakpukpui yeyea ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me kaba le January 1 dzi. Le hame ɖesiaɖe me la, ƒea ƒe mawunyakpukpuia nasɔ kple alesi wòdze le Miaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa me. Ƒea ƒe mawunyakpukpuia enye: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe