Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le April Kple May me: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Ne míetrɔ yi ɖetsɔlemetɔ siwo ate ŋu anye amesiwo de Ŋkuɖodzia alo teokrasidɔwɔna bubu aɖe wɔƒe gake womele ha dem kple hamea ŋutɔŋutɔ haɖe o gbɔ la, ekema míadze agbagba ana agbalẽ si nye Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La. Míadze agbagba ɖesiaɖe adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme, vevietɔ kple ame aɖewo siwo srɔ̃ Sidzedze-gbalẽa kple Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la xoxo. June: Míana Sidzedze-gbalẽa alo Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa. Ne esiawo le aƒemenɔlawo si xoxo la, míana agbalẽ gbadza bubu ɖesiaɖe si sɔ si le hamea si. July Kple August: Míana axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye,” Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, Tameɖoɖo Ka Le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?, kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku.
◼ Ehiã be dzikpɔla zimenɔlawo kple agbalẽŋlɔlawo katã ƒe adrɛs kple telefon xexlẽdzesi siwo zãm wole fifia nanɔ alɔdzedɔwɔƒea si. Ɣesiaɣi si tɔtrɔ aɖe ava la, Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia naŋlɔ agbalẽ atsɔ na nyanya alɔdzedɔwɔƒea kaba. Telefon xexlẽdzesiwo ƒe tɔtrɔwo hã le esia me.
◼ Hamea ƒe agbalẽŋlɔlawo nakpɔ egbɔ be “Application for Regular Pioneer Service” (S-205) (Gbesiagbe Mɔɖela ƒe Dɔbiagbalẽvi) kple “Application for Auxiliary Pioneer Service” (S-205b) (Kpekpeɖeŋu Mɔɖela ƒe Dɔbiagbalẽvi) li le agbɔsɔsɔ si sɔ me. Woate ŋu azã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔe. Esi ade na ƒe ɖeka ya teti nenɔ anyi. Mito gbesiagbe mɔɖelawo ƒe dɔbiagbalẽviwo katã me akpɔ be wokpe wo ɖo nyuie. Ne amesiwo kpee ɖo la mate ŋu aɖo ŋku ŋkeke si tututu dzi woxɔ nyɔnyrɔ dzi o la, woabu ŋkeke si wòate ŋu anye ŋu ahaŋlɔe ada ɖi.
◼ Ne èle mɔzɔzɔ ƒe ɖoɖo wɔm si me nàde hame ƒe kpekpewo, takpekpe sue, alo nutome gã takpekpe le dukɔ bubu me la, ele be nàɖo nyatakaka siwo nèhiã ku ɖe ŋkekeawo, gameawo, kple teƒe siwo woawɔ wo le ŋuti biabiawo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dukɔ ma ƒe dɔwɔnawo dzi. Alɔdzedɔwɔƒewo ƒe adrɛswo dze le Yearbook si zãm míele fifia ƒe axa mamlɛtɔ.