Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1 Togbɔ be nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo kple nufialawo kafua ŋutilãmekesinɔnuwo hã la, Mawu ƒe Nya ya dea dzi ƒo na mí be, ‘Míanye Kesinɔtɔwo le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Me.’ (Tim. I, 6:18) Emae nye ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ƒe ɖoɖowɔɖi si adze egɔme tso July 2003 me la ƒe tanya. Dzideƒonamenya kawoe míase le takpekpe sia me?
2 Nutome sue dzikpɔla la adzro nusi wòfia be ‘Woanye Kesinɔtɔ le Mawu Gbɔ,’ me eye abia gbe amesiwo le ʋiʋlim vevie be gbɔgbɔmekesinɔnuwo nasu yewo si la dometɔ aɖewo. Nuƒola si woɖo ɖa aɖe alesi Mawu ƒe amewo le ‘Dɔ Nyuiwo Wɔm le Nuŋeɣi Sia Me,’ le ŋkeke gbãtɔ ƒe nuƒo si wòaƒo la me. Woade dzi ƒo na mía dometɔ ɖesiaɖe be míade ŋugble le alesi míate ŋu akpɔ gome bliboe le Mawu ƒe nuŋeŋedɔ si wòde mía si la wɔwɔ me le egbeŋkekea me.
3 Aleke gbegbee dzi dzɔa mí enye si ne míekpɔ Kristotɔ sɔhɛwo le gbɔgbɔmekesinɔnuwo yome tim! Esia hea kafukafu vɛ na Yehowa eye wòkpena ɖe sɔhɛwo ŋu be woaɖo gɔmeɖoanyi nyui ɖe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo xɔxɔ ŋu le etsɔme. Nuƒo si nye “Sɔhɛwo Kafukafu ɖe Woƒe Dɔ Nyui Siwo na Wokafua Yehowa Ta” adzro dɔ nyui siwo Kristotɔ sɔhɛ siwo le miaƒe hamea me le wɔwɔm la me.
4 Viɖe kawoe dona tsoa dɔ nyuiwo wɔwɔ me? Nuƒola si woɖo ɖa la adzro esia me le eƒe nuƒo mamlɛa si ƒe tanyae nye, “Yehowa ƒe Yayrawo Xɔxɔ ɖe Míaƒe Dɔ Nyuiwo Ta,” la me. Adzro mɔ ene siwo dzi míetona xɔa yayra wɔnukuwo me: (1) ame ɖekaɖekawo, (2) le ƒomewo me, (3) le hamea me, kple (4) le xexeame katã ƒe habɔbɔa me.
5 Mɔnukpɔkpɔa asu amesiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa si be woaxɔ nyɔnyrɔ. Ne èsu te be yeaɖe afɔ ma la, ke na dzikpɔla zimenɔla nanya enumake.
6 Ne wonya ɖe gbeƒã ŋkeke si dzi woawɔ takpekpea le miaƒe nutoa me ko la, ke tso kaba nàdze ɖoɖo nyuiwo wɔwɔ gɔme be nàte ŋu ade. Dze agbagba nàɖo ɖe game dzi be nàkpɔ gome le hadzidzi kple gbedodoɖa si woatsɔ adze egɔmee me. Míaƒe anyinɔnɔ kple toɖoɖo nyuie le ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa katã me aʋã mí be míayi edzi anɔ mɔ si nana míezua kesinɔtɔ vavãwo le mía Mawu, Yehowa ŋkume la dzi.