Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le May me: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. Ne mietrɔ yi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia kple amesiwo va Ŋkuɖodzia alo va kpɔ gome le teokrasi wɔna aɖe me gake womedea ha kple habɔbɔa edziedzi o gbɔ la, milé fɔ ɖe Subɔ Mawu ƒe agbalẽa nana wo ŋu. Midze agbagba ɖesiaɖe miadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme, vevietɔ kple amesiwo srɔ̃ Sidzedze-gbalẽa kple Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa va yi. June: Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ. Miate ŋu ana Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa amesiwo si vi mele o. Midze agbagba miadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple amesiwo axɔ agbalẽ gbadza la. July Kple August: Axa 32-gbalẽ gbadza siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!, “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye,” Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, The Divine Name That Will Endure Forever, Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ, Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?, Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?—Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?, kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku.
◼ Dzikpɔla zimenɔla alo amesi wòatia nato hamea ƒe gakɔnta me le June 1 dzi, alo le ema megbe kpuie. Ne miewɔ esia vɔ la, miɖe gbeƒãe na hamea le gakɔntabubu si akplɔe ɖo la xlẽɣi.