Èdea Asixɔxɔ Nutome Sue Dzikpɔla ƒe Sasrãkpɔ Ŋua?
1 Hamemegã mɔzɔlawo tu hamewo ɖo geɖe ŋutɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Woɖo aɖaŋu siwo hiã la na hameawo. (Tes. I, 2:1, 10-12) Woxɔ mɔfiamewo tso dziɖuha la gbɔ yi na wo. (Dɔw. 16:4, 5) Wogblɔ nuteƒekpɔkpɔwo kple alesi nyanyuia nɔ ame bubuwo gbɔ ɖomee ŋu nyawo na nɔviawo. (Dɔw. 14:27, 28) Sasrãkpɔ mawo anya do ŋusẽ wo ŋutɔ!
2 Egbea, ame geɖe nɔa mɔ kpɔm vevie na nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔ. Gake wode dzesii be menye amesiamee dea asixɔxɔ sasrãkpɔ siawo ŋu hekpea asi ɖe ɖoɖoawo ŋu o. Èdea asixɔxɔ sasrãkpɔ siawo ŋua? Aleke mía dometɔ ɖesiaɖe awɔ ana nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ esi ku ɖe subɔsubɔdɔ ƒe kwasiɖa tɔxɛ sia ŋu?
3 Nɔnɔme Nyuitɔ ƒe Amesinɔnɔ Le Vevie! Nyateƒea me nɔnɔ kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe geɖe na nuteƒekpɔkpɔwo su nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo si. Wolɔ̃a nɔvi siwo le hame siwo wosubɔna me la vevie. Mele be míavɔ̃ na dɔwɔwɔ kpli wo le gbeadzi gbeɖe o, elabena esia kpena ɖe mía ŋu míaƒe nufiafia nyona ɖe edzi, si wɔnɛ be míexɔa gbɔgbɔmeyayra geɖewo.
4 Le sasrãkpɔ siawo me la, ɖewohĩ míate ŋu adzro kuxi aɖe si ku ɖe míaƒe gbɔgbɔmenyenye ŋu la me kple nutome sue dzikpɔla la. Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo do ŋgɔ be mia kplii miayi tɔtrɔyi alo Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe wɔƒe le ɣetrɔ aɖe mea? Adzɔ dzi na nutome sue dzikpɔla be wòakplɔ wò ayi, eye ne èdii la, alɔ̃ faa awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃a kple wò nusrɔ̃via nàkpɔ.
5 Ne srɔ̃ le miaƒe nutome sue dzikpɔlaa si la, ekema srɔ̃a kple nɔvinyɔnuwo woate ŋu awɔ aƒeme yi aƒeme, tɔtrɔyi, kpakple Biblia-nusɔsrɔ̃wo. Esi nuteƒekpɔkpɔ su nutome sue dzikpɔla srɔ̃ si le dɔwɔwɔ le anyigbamama vovovowo me ta la, eva bi nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa me. Adzɔ dzi nɛ be wòawɔ dɔ kple nɔvinyɔnuwo le gbeadzi, akpe ɖe wo ŋu woƒe nufiafia nanyo ɖe edzi wu. Nukatae màwɔ ɖoɖo be yeazɔ kplii le sasrãkpɔ ƒe kwasiɖaa me o? Dɔwɔwɔ kplii ahe gbɔgbɔmeyayra geɖe vɛ na wò.—Lod. 1:5.
6 Kpekpe siwo míewɔna le nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔa me hã ate ŋu ana míatsi le gbɔgbɔ me. Dze agbagba nàde kpekpeawo katã le kwasiɖa tɔxɛa me. Ðo to eƒe nuƒoawo katã nyuie. De dzesi Ŋɔŋlɔawo me nya vevi aɖewo alo aɖaŋuɖoɖo ɖesiaɖe si ate ŋu aɖe vi na wò. Kpekpe si wòwɔna kple mɔɖelawo kpena ɖe wo ŋu woƒe nufiafia nyona ɖe edzi eye esia naa wokpɔa dzidzɔ le gbeadzi. Kpekpe si wòwɔna kple hamemegãwo kpakple subɔsubɔdɔwɔlawo kpena ɖe nɔviŋutsu siawo siwo woɖo la ŋu be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame si hiã tso Mawu ƒe habɔbɔa gbɔ. Kpekpe siawo katã doa ŋusẽ hamea.—Dɔw. 15:36, 41.
7 Dzadzraɖowɔwɔ ɖe Sasrãkpɔa Ŋu: Ne wonya ɖe gbeƒã ŋkeke siwo nutome sue dzikpɔla anɔ mia gbɔ ko la, dze dzadzraɖowɔwɔ ɖe sasrãkpɔa ŋu gɔme enumake. Míate ŋu awɔ tɔtrɔ le dɔ siwo míewɔna ɖaa ŋu ale be míate ŋu akpe asi ɖe kwasiɖaa ƒe subɔsubɔdɔ tɔxɛa ŋu bliboe. Gbeƒãɖela aɖewo wɔa ɖoɖo be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ame bubuwo xɔa mɔkeke le dɔme ale be woate ŋu ayi gbeadzi le kwasiɖaa ƒe ŋkeke aɖewo dzi. Ame bubu geɖewo hã dzea agbagba yia gbeadzi le Memleɖagbe kple Kwasiɖagbe. Amesiwo dzea agbagba alea la xɔa yayra geɖe.—Rom. 1:11, 12.
8 Nusi hã mele be míaŋlɔ be o lae nye mɔnukpɔkpɔ si ʋuna ɖi na mí be míawɔ amedzro na dzikpɔla mɔzɔlaa kple srɔ̃a. Ame geɖe se vivi le hadede tuameɖowo me kpli wo esi wokpe wo va woƒe aƒeme hena nuɖuɖu. Hadede tuameɖo sia si yia edzi ne wole nu ɖum ɖekae la kpena ɖe ɖevi siwo le ƒomea me ŋu be woade asixɔxɔ gã Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu. Nɔvi geɖe tsɔa ŋudzedzekpɔkpɔ ɖoa ŋku dzideƒonamenya siwo woxɔ tso subɔla mɔzɔlawo gbɔe la dzi esi wolɔ̃ faa na wova dze wo gbɔ alo kpe wo va woƒe aƒeme hena nuɖuɖu ta.—Yoh. III, 5-8.
9 Hamemegãwo naa nɔviwo dea asixɔxɔ sasrãkpɔa ŋu ne wowɔ ɖoɖo ɖesiaɖe nyuie do ŋgɔ. Wowɔa ɖoɖo ɖe dzeƒe si sɔ hele dzadzɛ ŋu. Togbɔ be nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a kpɔa ŋudzedze ɖe nusianu si woɖana na wo ŋu hã la, ele be woaɖa nuɖuɖu vovovo siwo me nunyiame le na wo. Hamemegãwo naa nɔviwo kpɔa ŋudzedze ɖe sasrãkpɔa ŋu ne woa ŋutɔwo wokpɔ gome bliboe le kwasiɖaa me dɔwɔnawo me kple woƒe ƒomewo.
10 Alesi dzikpɔla siawo siwo tsi le gbɔgbɔ me srãa Yehowa ƒe amewo kpɔnae la ɖea vi na wo ɣesiaɣi. Aleke gbegbee wòle be míada akpee nye esi be nɔviŋutsu wɔnuteƒe siawo va srãa mí kpɔna hedea dzi ƒo na mí be míayi ŋgɔ le subɔsubɔdɔa me! (Fil. 2:22, 23) Viɖe si wòahe vɛ na mía ŋutɔwo la atso alesi míalɔ̃ faa adzra ɖo ɖe nutome sue dzikpɔlaa ƒe sasrãkpɔa ŋu ahakpe asi ɖe ɖoɖoawo ŋui la gbɔ. Mina mía dometɔ ɖesiaɖe naɖoe kplikpaa be yeakpe asi ɖe nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔa ŋu bliboe ne egava ake.