Amewo ƒe Susu Hehe Yi Biblia Dzi Geɖe Wu!
1. Le gɔmedzedzea me la, amekawo koŋue wota Gbetakpɔxɔ na, eye amekawoe wota The Golden Age na?
1 Le October 1, 1919 la, míeta magazine si nye The Golden Age (Nunyonameɣi) zi gbãtɔ. Ewɔ akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Nukatae? Elabena amesiwo menye Yehowa Ðasefowo o koŋue wotae na. Gake menɔ nenema le Gbetakpɔxɔ ya gome o, elabena wobui ƒe geɖe va yi be “ha sue” la koŋue wotaa magazine sia na. (Luka 12:32) Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo kpɔ dzidzɔ ɖe magazine yeye sia ŋu ale gbegbe be le ƒe gbogbo siwo va yi me la, wota The Golden Age wòsɔ gbɔ boo wu Gbetakpɔxɔ.
2. Aleke míeyɔa The Golden Age la egbea, eye taɖodzinu kae nɔ eŋu tso esime wodze etata gɔme?
2 Wota magazine si nye The Golden Age be wòaɖee afia amewo be ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔkpɔnu ŋutɔŋutɔe nye Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua, elabena eyae ahe nɔnɔmewo nyuiwo vɛ na ameƒomea. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, míeva wɔ asitɔtrɔ geɖe le The Golden Age la ŋu be wòakpɔ nusiwo ɣeyiɣiawo ƒe tɔtrɔ na wòva hiã la gbɔ. Le ƒe 1937 me la, míetrɔ eƒe ŋkɔ wòva zu Consolation (Akɔfafa). Le ƒe 1946 me la, eva zu Awake! (Nyɔ!), eye ŋkɔ mae le esi vaseɖe egbea.
3. Nyagblɔɖi ka me vava mee Nyɔ! wɔ akpa vevi aɖe le?
3 Magazine sia wɔ akpa gã aɖe ŋutɔ be wote ŋu ɖi ɖase geɖe tso ƒe 1919 me esime wotae zi gbãtɔ. (Mat. 24:14) Gake le alesi míaƒe ɣeyiɣiawo bia nuwɔwɔ kpata ta la, eva le dzedzem be nunya anɔ eme be míawɔ asitɔtrɔ bubuwo le Nyɔ! la ŋu.
4. (a) Nukae wòhiã be ame nawɔ ne edi be woatsɔ ye aɣla le “Yehowa ƒe dzikudogbe” la? (b) Le Nyaɖeɖefia 14:6, 7 ƒe nya nu la, nukae ‘mawudɔla si le dzodzom le dziƒo titina’ gblɔ na amewo katã be woawɔ?
4 Ame miliɔn geɖe lɔ̃a Nyɔ! xexlẽ elabena eƒoa nu tsoa xexeme nya geɖe ŋu wòléa dzi na ame. Ðikeke manɔmee la, amesiwo vaa Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe dometɔ akpa gãtɔ xlẽa Nyɔ! edziedzi. Ke hã, ne ame aɖe le mɔ kpɔm be woatsɔ ye aɣla le “Yehowa ƒe dzikudogbe” la, ke ahiã be woakpe ɖe eŋu geɖe wu be wòanɔ míaƒe agbalẽwo xlẽm edziedzi dzaa ko.—Zef. 2:3; Nyaɖ. 14:6, 7.
5. (a) Tso January 2006 ƒe tata dzi la, nuka dzie Nyɔ! ahe amewo ƒe susu ayi geɖe wu? (b) Nukae esia ate ŋu aʋã ame geɖe be woawɔ, eye nyagblɔɖi ka me vavae esia anye?
5 Eyata tso January 2006 me la, Nyɔ! ahe amewo ƒe susu ayi Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi geɖe wu. Ade dzi ƒo na exlẽlawo tẽ be woadi woƒe kuxiwo gbɔkpɔnu le Biblia me eye ate gbe ɖe alesi Biblia ɖe nusiwo le dzɔdzɔm fifia mee la dzi geɖe wu. Esia awɔe be amesiwo xlẽa magazine sia ava se nusiwo le dzɔdzɔm fifia gɔme nyuie wu eye ɖewohĩ nusiwo woxlẽna aʋã wo be woasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu.—Zax. 8:23.
6, 7. (a) Aleke Nyɔ! akpe ɖe ame geɖe ŋu be woawɔ nya siwo le Tesalonikatɔwo I, 2:13 dzii? (b) Zi nenie woata Nyɔ! ɣleti ɖesiaɖe azɔ, eye gbegbɔgblɔ neni ŋue tɔtrɔ sia aku ɖo?
6 Nyɔ! ayi edzi aƒo nu tso nyati vovovowo ŋu abe alesi wòle fifia ene. Gake woatrɔ asi le eŋu koŋ be wòahe amewo ƒe susu ayi Biblia dzi. (Tes. I, 2:13) Esi wònye Biblia me nya detowo nɔa Gbetakpɔxɔ me eye be Nyɔ! aƒo nu geɖe wu tso Ŋɔŋlɔawo me nyawo ŋu ta la, míekpɔe be megahiã be míata Eŋlisigbe me Nyɔ! zi eve le ɣleti ɖeka me o. Eyata tso January 2006 dzi la, Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe tata ɖeka koe míanɔ xɔxɔm ɣleti ɖesiaɖe. Esia ana míaƒe agbalẽwo me nyawo dzadzraɖo, wo gɔmeɖeɖe, kple wo ɖoɖoɖa naganɔ bɔbɔe wu.
7 Tɔtrɔ sia aku ɖe gbegbɔgblɔ siwo katã me míetana Nyɔ! ɖo la dometɔ 40 le alafa me ŋu. Gbegbɔgblɔ mamlɛawo katã me tatawo nye zi ɖeka le ɣletia me, alo zi ɖeka le ɣleti etɔ̃ me ƒe Nyɔ! ƒe tatawo xoxo. Tɔtrɔ aɖeke mava le Gbetakpɔxɔ ya tata gome o.
8. Aleke gbeƒãɖelawo ate ŋu azã Nyɔ! kple Gbetakpɔxɔ lae?
8 Gbeƒãɖelawo ate ŋu ana Nyɔ! akpe ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata ɖesiaɖe ŋu le ɣletia me. Amesiwo ana Nyɔ! la ate ŋu ayi edzi ama tata ɖeka ma ke le ɣleti bliboa me esi mava hiã be woatrɔ woƒe dzeɖonya le ɣletia ƒe domedome, abe alesi míele ewɔm fifia ene o.
9. Dɔ kae Nyɔ! ayi edzi awɔ?
9 Tso esime wota magazine si woyɔ gbã be The Golden Age, emegbe be Consolation, eye fifia be Nyɔ! ƒe tata gbãtɔ le ƒe 1919 me la, ewɔ akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Míele gbe dom ɖa be Yehowa nayi edzi ayra magazine sia si ŋu míatrɔ asi le la nana ƒe dɔa eye be wòakpe ɖe ame bubu geɖe siwo tso “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” la ŋu be woakpɔe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe nye yewoƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.—Nyaɖ. 7:9.