INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/07 axa 7
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
km 1/07 axa 7

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana tso le January me: Míana axa 192-gbalẽ xoxo ɖe sia ɖe si ƒe pepa ƒe amadede trɔ aŋutiɖiɖi le esi wònɔ anyi didi ta, alo agbalẽ ɖe sia ɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1991 si anɔ hamea si. February: Míana Te Ðe Yehowa Ŋu. March: Míana Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme. April kple May: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo.

◼ Tso March 4 lia dzi la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒo la ƒe tanyae nye “Mawu Ƒe Xexe Yeyea—Ame Kawoe Adze Anɔ Eme?”

◼ Míadzro video si nye Young People Ask—What Will I Do With My Life? (Sɔhɛwo Biana Be—Agbemedɔ Kae Mawɔ?) me le Subɔsubɔ Kpekpe aɖe me le April me. Ne miehiã video sia ƒe ɖewo la, ke midɔe kaba to hamea dzi.

◼ Woaɖo ƒe 2007 Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo ɖe hamewo katã kpuie.

◼ Hamewo nawɔ ɖoɖo nyuie na ƒe sia me Ŋkuɖodzia ɖuɖu, le Dzoɖa, April 2 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. Togbɔ be nuƒoa ate ŋu adze egɔme do ŋgɔ hã la, mele be woatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o. Hame ɖe sia ɖe nedze agbagba ne wòaɖu Ŋkuɖodzia le eɖokui si. Gake ɖewohĩ esia manya wɔ ɣesiaɣi o. Ne hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka la, ɖewohĩ hame ɖeka, alo esi wu ema ate ŋu ahaya teƒe bubu aɖe na fiẽ ma ƒe wɔnawo. Míele aɖaŋu ɖom be, ne anya wɔ la, miniti 30 ya teti natso wɔnaawo dome bene vavalawo katã nate ŋu aɖe vi bliboe tso hadede tuameɖowo me kple wo nɔewo. Ele be woabu ʋuɖoɖo kple ʋutɔɖoƒe ŋu nyawo hã ŋu, tsɔ kpe ɖe ʋu siwo akɔ amewo vɛ ahakɔ wo adzoe ŋu nyawo hã ŋu. Hamemetsitsiwo ƒe ha la nade ŋugble le ɖoɖo siwo ade nɔviawo dzi wu la ŋu.

◼ Le Ŋkuɖodzia ƒe vevienyenye ta la, ele be hamemetsitsiwo ƒe ha la natia hamemetsitsi siwo dze nyuie la dometɔ ɖeka be wòaƒo nuƒoa tsɔ wu be woanɔ wo nɔewo ɖɔlim ko alo anɔ nɔviŋutsu ɖeka aɖe ko zãm ƒe sia ƒe. Ne lãmesẽ le hamemetsitsi amesiamina aɖe ŋu wòate ŋu aƒo nuƒoa la, ekema eya naƒoe.

◼ Taflatse mide dzesii be ƒe 2008 ƒe Ŋkuɖodzia adze Memleɖa, March 22 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. Míele nyanya nam mi do ŋgɔ ale be, le teƒe siwo hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, miate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe teƒe bubu siwo miazã ŋu ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ.

◼ Hamea ƒe agbalẽŋlɔlawo nekpɔ egbɔ be gbesiagbe mɔɖela siwo le hamea me la ƒe pioneer appointment letter (S-202) le hamea ƒe nuŋlɔɖiwo me. Ne mɔɖela aɖe tɔ meli o la, ke miŋlɔ lɛta miana alɔdzedɔwɔƒea nanya.

◼ Mikpɔ egbɔ be mieklã ƒea ƒe mawunyakpukpui yeyea ɖe miaƒe Fiaɖuƒe Akpata me ne January 1 nya ɖo ko. Hame ɖe sia ɖe neŋlɔ mawunyakpukpuia abe ale si wòdze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ene. Ƒea ƒe mawunyakpukpuia enye: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe.”—Zef. 1:14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe