Nyabiaɖaka
◼ Ðe wògblẽ be woanɔ xɔ me kple nyɔnu alo ŋutsu si menye ƒometɔ kplikplikpli alo ame srɔ̃ o eye woatu ʋɔa?
Nyatakaka siwo xɔm alɔdzedɔwɔƒea le la ɖee fia be eva zu numame na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo be wonɔa xɔ me kple nyɔnu alo ŋutsu si menye wo srɔ̃ alo ƒometɔ kplikplikpli abe wo dzilawo, ŋutilãme nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu ene o, evɔ wotua ʋɔa. Wo dometɔ aɖewo tsɔe be ne yewomenɔ agbe gbegblẽ aɖeke o ko la, ke megblẽ be yewo ame evea ɖeɖe ko yewoanɔ xɔ me atu ʋɔa o. Ðe nukpɔsusu sia sɔa?
Nunya mele eme kura be woanɔ xɔ ɖeka me kple ŋutsu alo nyɔnu si menye ame srɔ̃ alo ƒometɔ kplikplikpli bubu eye woatu ʋɔa o, elabena ate ŋu ahe wo ade makɔmakɔnyenye alo hadzegbenɔnɔ me, vevietɔ le ame siwo di be yewoaɖe yewo nɔewo gome. Ate ŋu ana hã be eteƒekpɔlawo magaka ɖe Ðasefowo dzi o alo ate ŋu azu nukikli na ame aɖewo gɔ̃ hã. Be woatsi ŋutsu alo nyɔnu ƒe xɔ me adɔ le nɔnɔme manyomanyo siawo me nye agbenɔnɔ vɔ̃ɖi si ŋu wòhiã be hamemetsitsiwo nadrɔ̃ ʋɔnu le.—Lod. 22:3; Gal. 5:19; Mat. 18:6, 7.
Ðe woate ŋu aƒo asa na nɔnɔme sia? Ɛ̃. Ame aɖewo ge ɖe afɔku me kple nyɔnu alo ŋutsu esi wodo toku aɖaŋu siwo nɔvi siwo tsɔ ɖe le eme na wo la ɖo na wo do ŋgɔ ta. (1 Kor. 6:18; Lod. 18:12) Ame bubuwo hã ge ɖe mɔ me esi woka ɖe wo ɖokui dzi akpa eye wosusu ameɖokuiflutɔe be yewosu te ta. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 6:27.) Esi ame aɖewo no aha muamewo la, womegate ŋu ɖu wo ɖokui dzi o eye wòna woge ɖe mɔ me. Eya ta aleke wòɖea vi enye si be míana nuxlɔ̃ame si le Hosea 4:11 si gblɔ be, ‘matrewɔwɔ, wain kple aha yeye ɖe [wodoa] lã ame’ la nanɔ susu me na mí!
Woxlɔ̃a nu Kristotɔwo enuenu be woanɔ ‘mo xexi ahanɔ ŋudzɔ’ le nuwɔwɔ kple ŋutsuwo alo nyɔnuwo me ale be Satana nagaɖu wo dzi o. (1 Pet. 5:8) Esia bia ŋudzɔnɔnɔ ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, se aɖe le Betel si bia tso Beteltɔwo si be woaʋu woƒe ʋɔtruwo ɖi ne wo kpakple ŋutsu alo nyɔnu si menye wo srɔ̃ alo woƒe ƒometɔ kplikplikpli o ɖeɖe le xɔ me. Esia kpɔa wo ta tso tetekpɔ me. (Mat. 6:13) Tetekpɔa nu sẽna wu ne ame eve siwo di be yewoaɖe yewo nɔewo ɖe mɔ le wo ɖokui ŋu na wo nɔewo le ɣaɣlaƒe aɖe. (1 Kor. 10:12) Le ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gome ya la, enyo ɣesiaɣi be ame aɖe nanɔ wo ŋu alo woakpe le ƒuƒoƒo me. (Lod. 28:26) Esi xexe sia ƒe agbe nyui nɔnɔ gakpɔtɔ le gbegblẽm ɖe edzi ta la, mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi edzi anɔ agbe dzadzɛ nɔm bene wòakɔ mía Fofo Kɔkɔe, Yehowa ŋu.—Mat. 5:14-16; 1 Pet. 2:12.