Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna me le October 27, 2008, ƒe kwasiɖaa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Sukudzikpɔlaa akpɔ miniti 30 ƒe numetoto si wotu ɖe September 1 va se ɖe October 27, 2008, ƒe dɔdeasiwo dzi la dzi.
NUƑOƑO ƑE NUDIDIWO
1. Aleke míawɔ anya nu si tae amewo xɔ nanewo dzi se ɖo? [be-EW axa 259 mm. 1, 2]
2. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu be wòaɖe nazãbubu alo fuléle ɖa le eƒe dzi me? [be-EW axa 260 mm. 2]
3. Aleke míate ŋu akpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu be woadzro woƒe dzi me kpɔ be wole ŋgɔyiyi wɔm le gbɔgbɔ me mahã? [be-EW axa 261 mm. 3]
4. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele agbagba dzem be míaɖo míaƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ? [be-EW axa 262 mm. 5]
5. Nu ka tae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe gamedzinɔnɔ ŋu le hamea ƒe kpekpewo me? [be-EW axa 263 mm. 1, 3, kple aɖaka]
DƆDEASI GBÃTƆ
6. Nu kae ʋã Paulo wòŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ na Korintotɔwo? [bsi08-1-EW axa 20 mm. 3]
7. Susu siwo ta Paulo ŋlɔ eƒe lɛta evelia ɖo ɖe Korintotɔwo la dometɔ aɖewo ɖe? [bsi08-1-EW axa 22 mm. 1-2]
8. Nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ mía si ku ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu? [bsi08-1-EW axa 22-23 mm. 18]
9. Abe nɔvi siwo nɔ Filipi ene la, aleke míate ŋu ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye míanye dzidzɔ na mía nɔviwo egbeae? [bsi08-1-EW axa 29 mm. 12]
10. Ŋusẽ nyui kae Paulo kple ehatiwo kpɔ ɖe hame si le Tesalonika la dzi? [bsi08-2-EW axa 4 mm. 13]
KWASIÐA SIA KWASIÐA ƑE BIBLIA XEXLẼ
11. Nu kae wòfia be “woatsɔ ŋutsu [vɔ̃ɖi la] ade asi na Satana, hena ŋutilã ƒe nɔnɔme sia ɖeɖe ɖa, bene woakpɔ hamea ƒe gbɔgbɔ la ta”? (1 Kor. 5:5) [w08-EW 7/15 “Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe—Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Na Korintotɔwo Me”]
12. ‘Zi gbɔ zi nenie’ wòle be míanɔ ŋku ɖom Yesu ƒe kua dzi, eye ‘va se ɖe ɣekaɣi’? (1 Kor. 11:26) [w08-EW 7/15 “Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe—Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Na Korintotɔwo Me”]
13. Nu ka ŋue ŋutega si ŋu woƒo nu tsoe le 2 Korintotɔwo 12:2-4 la ku ɖo, eye anye ame kae kpɔ ŋutega sia? [w04-EW 10/15 axa 8 mm. 4; axa 10 mm. 9]
14. Nu ka tae Paulo tsɔ Mose ƒe Sea sɔ kple ‘mɔfiala si kplɔa mí yia Kristo gbɔe?’ (Gal. 3:24) [w08-EW 3/1 axa 18-21]
15. Nu kae Paulo wɔnɛ esime wòdo gbe ɖa be ‘woakpɔ nɔviawo ƒe gbɔgbɔ kple luʋɔ kple ŋutilã ta’? (1 Tes. 5:23) [w08-EW 9/15 “Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe—Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Tesalonikatɔwo Kpakple Timoteo Me”]