Dzra Ame Yeyewo Ðo Be Woanɔ Te Ðe Tsitretsiɖeŋu Nu
1 Ne amewo te Biblia sɔsrɔ̃ eye ‘wodi be yewoanɔ agbe le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu’ la, Satana tɔa ŋku wo etɔxɛe. (2 Tim. 3:12) Tsitretsiɖeŋu ate ŋu atso dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, alo aƒelikawo gbɔ. Gake ne tsitretsiɖeŋua tso ame yeye siawo ƒe ƒometɔ siwo bua wo ŋu vevie la gbɔ la, eya gasesẽna na wo wu.—Mat. 10:21; Mar. 3:21.
2 Wogblɔe Ði Be Tsitretsiɖeŋu Ava: Ele be míana ame yeyewo nanyae be woado go yometiti, eye esia nye kpeɖodzi be wonye Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo. (Yoh. 15:20) Ɣeaɖewoɣi la, nukpɔsusu totro siwo le amewo si ɖe Yehowa Ðasefowo ŋue nana wotsia tsitre ɖe wo ŋu. Na wòanɔ susu me na ame yeyewo be, dzidzɔ geɖe dona tso eme ne wodo vlo ame le esi wònye Yesu yomedzela kple ame si ɖoa to Mawu ta. (Dɔw. 5:27-29, 40, 41) Ka ɖe edzi na wo be Yehowa akpe ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe. (Ps. 27:10; Mar. 10:29, 30) Ne wolé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, afia be wole Yehowa ƒe akpa dzi le xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya si fɔ ɖe te la me.—Lod. 27:11.
3 Akpa Si Sidzedze Vavãtɔ Wɔna: Na wò Biblia nusrɔ̃viwo nase nu si tae wòle vevie be woayi edzi anɔ sidzedze vavãtɔ xɔm, togbɔ be woanɔ go dom dodokpɔwo hã, la gɔme nyuie. Satana toa tsitretsiɖeŋu dzi dzea agbagba be yeana nu si srɔ̃m wole la nagali ke ɖe woƒe kpɔɖeŋudzia me o. (Lod. 4:23; Luka 8:13) Ele be woayi edzi anɔ Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ xɔm, si awɔe be woate ŋu ali ke sesĩe le xɔse la me.—Ps. 1:2, 3; Kol. 2:6, 7.
4 Dzidodo Le Vevie: Dzidodo le vevie le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me, eye nu nyuiwo hã ate ŋu ado tso eme. (Luka 21:16-19) Ne ame yeyewo do dzi le tsitretsiɖeŋu me la, viɖewo dona tso eme na woawo ŋutɔwo kple ame bubuwo siaa. Yehowa yraa wo geɖe abe ale si ko wòyraa ame siwo doa dzi nuteƒewɔwɔtɔe la ene.—Yak. 1:12.
5 Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi si nɔvi siwo nɔ Tesalonika wɔ la na dzi dzɔ apostolo Paulo. Eda akpe na Mawu ɖe wo ta. Wo dometɔ geɖe nye ame siwo ŋu eya ŋutɔ kpe ɖo wova nyateƒea me. (2 Tes. 1:3-5) Ne míedzra míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ɖo be wote ŋu do dzi henɔ te ɖe tsitretsiɖeŋuwo nu la, dzidzɔ kple dzidzeme ma ke asu míawo hã si.