Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le November me: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple amewo. December: Mina Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ gbalẽa. Ne aƒemenɔlawo gblɔ be ɖeviwo le yewo si la, ke miana Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ gbalẽa wo. January: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? February: Mina agbalẽ siwo gbɔna siwo le hamea si: Is There a Creator Who Cares About You?, Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, alo The Bible—God’s Word or Man’s?
◼ Míele biabiam tso gbeƒãɖela siwo katã mekpɔ kpe ameteƒenɔla ƒe ŋusẽ si nɔa anyi ɖaa (DPA) gbalẽvia ɖo haɖe o la si be woakpee ɖo. DPA gbalẽvi sia kpɔa gome si le asiwò be nàgbe be woagado ʋu na ye o la ta. Hamemetsitsiwo ana kpekpeɖeŋu si hiã be woakpee ɖo.—Kpɔ December 2006 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi.