INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/09 axa 1
  • Dzra Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋu Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzra Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋu Nyuie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkuɖodzia Ƒe Ŋkuɖodzinyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Ŋkuɖodzia Ƒe Ŋkuɖodzinyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Ŋkuɖodzia ƒe Ŋkuɖodzinyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 3/09 axa 1

Dzra Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋu Nyuie

Dzidzɔ kple mɔnukpɔkpɔ kae nye esi wònye be mí Kristo yomedzelawo míadzra ɖo nyuie ɖe fiẽ si dzi míaɖo ŋku Yesu Kristo ƒe kua dzi ŋu! (Luka 22:19) Afɔ kawoe wòle be míaɖe le dzadzraɖowɔwɔ ɖe Ŋkuɖodzia ŋu me?

◼ Gamea Kple Teƒea: Ele be ame sia ame nanya gamea kple teƒe si tututu woawɔ Ŋkuɖodzia le. Ne hame siwo wu ɖeka ye azã Fiaɖuƒe Akpataa la, ele vevie be woava ɖe game dzi eye woadzo le Akpataa me le ɖoɖo nu, le esi wònye be ɣeyiɣi kpui aɖe koe atso wɔnawo dome ta. Ele be woawɔ ɖoɖoa ale gbegbe be amewo nagava ƒo ƒu ɖe mɔa nu, afɔtoƒewo, kple ʋutɔɖoƒea fũu o.

◼ Amekpegbalẽviwo: Ðe gbeƒãɖela ɖe sia ɖe xɔ eƒe amekpegbalẽviwo xoxo henya emenyawo nyuiea? Ðe miewɔ ale si woana amekpegbalẽviae la ƒe wɔwɔfia? Ame kawoe nàkpe kple amekpegbalẽvia? Ele be miadze agbagba ama amekpegbalẽviawo katã.

◼ Ʋuɖoɖo: Ðewohĩ ahiã be woaɖo ʋu na ɖetsɔlemetɔwo kpakple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo alo ana kpekpeɖeŋu wo le mɔ bubu aɖewo nu. Ðoɖo kawoe miewɔ be miate ŋu akpɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo mate ŋu ava Ŋkuɖodzia o la ƒe nuhiahiãwo gbɔ?

◼ Kpɔɖeŋunuawo: Mikpɔ egbɔ be woagatsɔ kpɔɖeŋunuawo atsae do ŋgɔ na ɣeɖoto o. Miwɔ ɖoɖo miatsɔ kpɔɖeŋunuawo ayi na amesiamina ɖe sia ɖe si megale lãmesẽ me o eye mate ŋu ava o la hã. Midi abolo kple wain si sɔ eye mitsɔ wo va teƒea do ŋgɔ.—Mikpɔ Gbetakpɔxɔ, February 15, 2003, axa 14-15, memama 14, 17.

◼ Fiaɖuƒe Akpata: Ele be miadzra akpataa me ɖo nyuie do ŋgɔ na wɔnaa. Ele be woatsɔ agba gbadzɛwo, kpluwo, kple kplɔ̃ kpakple kplɔ̃dzivɔ siwo sɔ la ava akpataa me ahaɖo wo ɖi do ŋgɔ hafi wɔnaa nadze egɔme. Ne teƒe bubue miawɔ Ŋkuɖodzia le la, mikpɔ egbɔ be miezã nuƒomɔ nyuiwo bene ame sia ame nate ŋu ase nuƒoa nyuie. Ele be woatia anyinɔƒedzikpɔlawo kple ame siwo atsɔ nuawo atsae la ahana woanya woƒe dɔdeasiwo, ɖoɖo si dzi woazɔ ɖo, kple awudodo kpakple dzadzraɖo si ŋu bubu le ƒe vevienyenye, do ŋgɔ.

Le wɔna vevitɔ sia si nye Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia wɔɣi la, míedi be mí ame ɖekaɖekawo kpakple hame bliboa siaa míadzra ɖo nyuie. Kakaɖedzitɔe la, Yehowa ƒe yayra anɔ ame siwo katã ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana tso dzi me ɖe mɔnuɖoɖo siwo katã wòto Via lɔlɔ̃a, Yesu Kristo, ƒe vɔsaa dzi wɔ na ameƒomea ŋu la dzi godoo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe