Gbeadzisubɔsubɔdɔ Ŋuti Nyatakakawo
Nɔviwo, miawoe le dɔ wɔm kakaka! Ƒe 2009 subɔsubɔƒea wu enu kple dzidzɔnya nyui aɖe. (Lod. 15:30) Míekpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ le August me, si nye gbeƒãɖela 98,141! Míesrɔ̃ nu kple ame 292,654 hã, eye míena magazine 763,323. Esiawo hã nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ.
Ame 5,881 ye xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 2009 subɔsubɔƒea me, eye ne míetsɔe sɔ kple ƒe si va yi tɔ la, efia be ame 708 ye va kpee. Esia hã nye ame gbogbotɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe ɖeka me kpɔ. Míele gbe dom ɖa be Yehowa nayra mí esi míele agbagba dzem ɖekae le subɔsubɔdɔa wɔm geɖe.