Gbeadzisubɔsubɔdɔ Ŋuti Nyatakakawo
Míedze subɔsubɔƒe yeyea gɔme kple gbesiagbe mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye, si nye 6,023 le September me! Ede dzi ƒo hã be gaƒoƒo, magazine kple ame agbɔsɔsɔ si míesrɔ̃ Biblia kplii hã dzi ɖe edzi le mama dedie nu. Le kpɔɖeŋu me, míena magazine 675,143 sɔŋ le ɣleti ma me. Ne míetsɔe sɔ kple esi míena le September 2008 me la, efia be míena 82,000 kpee.
Be dɔa nayi ŋgɔ nyuie nenema ɖaa la, míele dzi dem ƒo na hamemetsitsiwo be woakpɔ egbɔ be magazine kple agbalẽ agbɔsɔsɔ si hiã la li ɣesiaɣi. Míele mi katã kafum ɖe miaƒe veviedodo kple kutrikuku ta. Nyateƒee, “nuŋeŋe la sɔ gbɔ.”—Mat. 9:37.