INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/10 axa 5-6
  • Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
km 3/10 axa 5-6

Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ

Hati Yehowa Ðasefo lɔlɔ̃tɔwo:

Mɔnukpɔkpɔ gã ŋutɔe wònye na mí be xexea me katã ƒe Dziɖulagã Yehowa ƒe ŋkɔ le mía ŋu! Ŋkɔ bubu aɖeke mesɔ kplii o, eli tegbee, eye enu mayi akpɔ gbeɖe o. Yehowa ŋutɔe de eƒe ŋkɔa mía ŋu, eye vevietɔ tso ƒe 1931 me la, ŋkɔ tɔxɛ siae dea dzesi mí. (Yes. 43:10) Ɛ̃, dada gã aɖe ŋutɔe wònye na mí be woyɔa mí be Yehowa Ðasefowo.

Abosam ku kutri geɖe be yeabu mo na Mawu ƒe ŋkɔa. Le eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la, dukɔwo gbe Yehowa ƒe ŋkɔa. Babilon Gã la, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã, lé fu Mawu ƒe ŋkɔa heɖee ɖa le Biblia geɖewo me. Gake Yesu ya de asixɔxɔ gã Fofoa ƒe ŋkɔ ŋu, eye eya dzie wòhe susu yi gbã le gbedodoɖa si wòfia eyomedzelawo me. Egblɔ be: “Miawo mido gbe ɖa ale: ‘Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.’” (Mat. 6:9) Emegbe egblɔ le gbe aɖe si wòdo ɖa na Fofoa tso dzi blibo me la me be: “Meɖe wò ŋkɔ la fia ame siwo nèɖe tso xexea me nam.” (Yoh. 17:6) Míeɖoe kplikpaa fifia wu tsã be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu nyui sia, eye míayi edzi ado vevie aɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔa le anyigba bliboa katã dzi.

Ƒe 2009 ƒe mawunyakpukpuia, si nye: ‘Ði ɖase tso nya nyui la ŋu tsitotsito,’ de dzo mía me míewɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me. (Dɔw. 20:24) Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowa yra mí ɖe agbagba siwo míedze le subɔsubɔƒe si va yi me la ta geɖe ŋutɔ. Míeɖe gbeƒã le xexea me godoo eteƒe mekɔ o, wònye ŋutikɔkɔe kple bubu na Yehowa ƒe ŋkɔ la. Gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeye si nye 7,313,173 sɔŋ ye kpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔ sia me hefia nu dzianukwaretɔ siwo le kuxi gbogbo siwo ɖea fu na wo gbe sia gbe la gbɔ kpɔnu vavãtɔ dim. Ame 18,168,323 sɔŋ ye de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, si ɖee fia kɔtɛ be ame miliɔn geɖe gali siwo ava yɔ Yehowa ƒe ŋkɔa hafi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nu nayi.

Zi ale si Yehowa ɖe mɔ la, míayi edzi aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe ahazã mɔnu ɖe sia ɖe si míate ŋui aɖo ame siwo le míaƒe anyigbamamawo me gbɔ. (Mat. 24:14; Mar. 13:10) Míeɖale gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me loo, le ablɔ dzi loo, to lɛta alo telefon dzi loo, alo le vo me o, mina míadze agbagba ana ame geɖe ale si nu míate ŋui la nanya nu tso Yehowa ƒe ŋkɔa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.

Míeka ɖe edzi bliboe be eteƒe madidi o, Yehowa aɖe afɔ si hiã atsɔ akɔ eƒe ŋkɔa ŋu. (Eze. 36:23) Ɣeyiɣi si me Yehowa amia nu na ame siwo katã doa vlo eƒe ŋkɔa la le aƒe tum kabakaba ŋutɔ. Dzidzɔɣeyiɣi gã ŋutɔe wòanye na Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo le gbeƒã ɖem eƒe ŋkɔa hele eɖem fia be eƒe dziɖuɖua ƒe akpa dzie yewole!

Ale si Yehowa léa be na eƒe amewo lɔlɔ̃tɔe la ɖe dzesi ƒãa le “Minɔ Ŋudzɔ!” Nutome Gã kple Dukɔwo Dome Takpekpe siwo míewɔ le xexea ƒe teƒe geɖewo le ƒe 2009 me la me. Takpekpe mawo zu teokrasi nudzɔdzɔ ɖedzesi le míaƒe ŋutinya me, eye woʋã mí míekpɔ ale si wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ ɖe Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ŋu la dze sii.—Mar. 13:37; 1 Tes. 5:1, 2, 4.

Vavãe, Yehowa nyo dɔ me na mí ŋutɔ, eye wòna míaƒe dziwo yɔ fũu kple dzidzɔ. Ena míetsɔ akɔ ɖe lãnyiƒe damawo, eye wòkplɔ mí yi gbɔɖemeƒetɔwo nu.—Ps. 23:1, 2; 100:2, 5.

Mika ɖe edzi be Yehowa ayi edzi ayra mi geɖe esi mieyi edzi le vevie dom Fiaɖuƒedɔa le ɣleti siwo gbɔna me!

Míedo gbe na mi, mía nɔvi siwo le xexea me godoo.

Mia nɔviwo,

Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe