Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le April me: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Ne mietrɔ le ɖetsɔlemetɔwo srãm kpɔ la, midze agbagba miasrã wo dometɔ siwo va Ŋkuɖodzia alo teokrasiwɔna bubuwo teƒe kpɔ, gake womedea ha kple hamea edziedzi o la hã kpɔ, eye miana Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa wo. Taɖodzinuae nye be míadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. May: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! June: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? July: Míana axa 32 gbalẽ ɖe sia ɖe si sɔ.
◼ Hamewo mawɔ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃, Teokrasi Subɔsubɔ Suku, kple Subɔsubɔ Kpekpe le kwasiɖa si me woade nutome gã takpekpe, nutome sue takpekpe, alo ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ o. Eya ta míele dzi dem ƒo na mi katã be ame sia ame nadzro kpekpe siawo me nyawo me le eɖokui si le kwasiɖa ma me. Ƒomewo ate ŋu azã woƒe Ƒometadedeagu fiẽsia atsɔ awɔe.
◼ Nuƒo tɔxɛ si woaƒo le ƒe 2010 ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɣi ƒe tanyae nye: “Ŋutifafa Kple Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Ɣekaɣie Míakpɔe?” Woaƒo nuƒo sia le hame geɖe me le kwasiɖa si dze egɔme tso Dzoɖa, April 12, 2010 la me. Hame aɖeke mekpɔ mɔ aƒo nuƒoa do ŋgɔ na April 12 o.