Dɔ Si Me Dzidzɔ Geɖe Le Wu
1. Gbɔgbɔmedɔdada kae le edzi yim egbea?
1 Ame siwo kpɔ ŋutilãmedɔdada teƒe le ƒe alafa gbãtɔ me la kpɔ dzidzɔ geɖe ŋutɔ. (Luka 5:24-26) Egbea la, dzi dzɔa mí le gbɔgbɔmedɔdada, si nye kpekpe ɖe amewo ŋu be woava nya Yehowa, me. (Nyaɖ. 22:1, 2, 17) Aleke gbegbe míekpɔa dzidzɔ ne míexlẽ nuteƒekpɔkpɔ siwo ɖee fia be Yehowa ƒe Nya la kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la le amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm enye esi! Ke hã, míegakpɔa dzidzɔ geɖee wu le dɔ sia wɔwɔ me ne míele Biblia nusɔsrɔ̃ siwo yia ŋgɔ la wɔm.
2. Nu kawoe ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ esi míele nyateƒea fiam ame aɖe?
2 Mawu ƒe ŋkɔ ɖe? Nu ka tae wòɖe mɔ fukpekpe li ɖo? Nu kae Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea le etsɔme? Menye nyabiase siawo ŋu ɖoɖo na nusrɔ̃vi aɖe ɖeɖe koe na míekpɔa dzidzɔ o, ke ale si nusrɔ̃via glina kple dzidzɔ ne eke ɖe nyateƒenya siawo ŋu hã doa dzidzɔ na mí. (Lod. 15:23; Luka 24:32) Ne nusrɔ̃via le ŋgɔyiyi wɔm la, ate ŋu adze Yehowa ƒe ŋkɔ zazã gɔme, atrɔ asi le eƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋu, aɖe asi le nuwɔna gbegblẽwo ŋu, eye wòadze gbeƒãɖeɖe na ame bubuwo gɔme. Ne ewɔ ŋgɔyiyi va ɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ la, ava zu mía nɔvi kple míaƒe hadɔwɔla. Afɔɖeɖe nyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye susu nyui aɖe si tae wòle be míatso aseye ɖo.—1 Tes. 2:19, 20.
3. Afɔ vevi kawoe míate ŋu aɖe be míadze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme?
3 Àte Ŋu Akpɔ Gome Le Emea? Ne èdi be yeakpɔ gome le dɔ sia si me dzidzɔ geɖe le wu me la, do gbe ɖa na Yehowa eye nàbia be wòaʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na ye yeadze Biblia nusɔsrɔ̃ aɖe wɔwɔ gɔme, eye emegbe la, nàwɔ nu wòawɔ ɖeka kple wò gbedodoɖawo. (1 Yoh. 5:14) Ðe gbeƒã le afi si amewo le kple ɣeyiɣi si me nàte ŋu ake ɖe wo ŋu. Do Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe amewo gbɔ ɣesiaɣi si nèkpɔ be esɔ. (Nyagb. 11:6) Ne èkpɔ ɖetsɔlemetɔ aɖe eye nèƒã nyateƒea ƒe ku aɖe la, trɔ yi ɖade tsii.—1 Kor. 3:6-9.
4. Nu ka tae wòle be míaƒe ŋku nabiã ɖe Biblia nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ ŋu?
4 Ame gbogbo manyaxlẽ aɖe gali siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum. Ame kawoe asrɔ̃ Biblia kple wo ahato esia dzi aɖi ƒo na wo le gbɔgbɔ me? (Mat. 5:3, 6) Mina míatsɔ mía ɖokuiwo ana faa be míakpe asi ɖe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ŋu be woawɔe ade goe hafi nuŋeŋe la nawu enu.—Yes. 6:8.