Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le February 28, 2011, ƒe kwasiɖaa me. Sukudzikpɔlaa akpɔ numetotoa dzi miniti 20, eye anɔ te ɖe dɔdeasi siwo míewɔ tso January 3 va se ɖe February 28, 2011, ƒe kwasiɖawo me dzi.
1. Dɔ ka gɔmee Xizkiya dze le eƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedze, eye alekee míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua egbea? (2 Kron. 29:16-18) [w09 6/15 axa 9 mm. 13]
2. Alekee nuŋlɔɖi si le 2 Kronika 36:21 la ɖo kpe edzi be nyagblɔɖi si le Yeremiya 25:8-11 la va eme? [w06 11/15 axa 32 mm. 1-4]
3. Alekee Ezra 3:1-6 ɖo kpe Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi siwo ɖee fia be Yerusalem ƒe aƒedoɖiɣi ƒe 70 la wu enu ɖe game dzi tututu la dzi? [w06 1/15 axa 19 mm. 3]
4. Nu ka tae Ezra tɔtɔ esime wòsee be dukɔa nɔ srɔ̃ ɖem tso dukɔ siwo nɔ anyigbaa dzi la me tɔwo dome? (Ezra 9:1-3) [w06 1/15 axa 20 mm. 1]
5. Ame kawoe nye ‘bubume’ siwo ŋu woƒo nu tsoe, eye woƒe nɔnɔme kae wòle be míaƒo asa na? (Nex. 3:5) [w06 2/1 axa 10 mm. 1; w86-E 2/15 axa 25]
6. Alekee Anyigbadzikpɔla Nexemiya nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na Kristotɔ dzikpɔlawo? (Nex. 5:14-19) [si-E axa 90 mm. 16]
7. Le Israel vi siwo nɔ anyi le Nexemiya ŋɔli sɔsrɔ̃ me la, alekee míaƒo asa na “mía Mawu ƒe aƒe” la gbegblẽ ɖi? (Nex. 10:33-40) [w98 10/15 axa 21-22 mm. 12]
8. Nya kawoe ŋugbledede le nu siwo Nexemiya wɔ ŋu ana míabia mía ɖokui? (Nex. 13:31) [w96 9/15 axa 16 mm. 3]
9. Ðe Ester nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ kple Fia Axasweros mahã? (Est. 2:14-17) [w-Vol. 112, No. 1 axa 31 mm. 6 (w91-E 1/1 axa 31 mm. 6)]
10. Nu ka tae Mardoxai gbe be yemade ta agu na Haman o? (Est. 3:2, 4) [it-2-E axa 431 mm. 7]