INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/11 axa 4
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 4/11 axa 4

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le April me: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, miyi ɖetsɔlemetɔ siwo va Ŋkuɖodzia alo teokrasiwɔna bubuwo teƒe kpɔ gake womedea ha kple hamea edziedzi o la hã gbɔ. Taɖodzinua ye nye be míazã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔme kple wo. May: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Midze agbagba míadze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme le yiyi zi gbãtɔ me. June: Mina Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? July: Mina axa 32 gbalẽ gbadza siwo le hamea si la dometɔ ɖe sia ɖe si sɔ.

◼ Tso May me la, ele be hamewo katã nazã Memleɖa gbãtɔ le ɣleti ɖe sia ɖe me atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme. Wotrɔ asi le nyati si nye “Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me,” si dzena le Gbetakpɔxɔ me la ŋu be wòakpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu woawɔ esia. Kpɔɖeŋudzeɖonya siwo ŋu dɔ míawɔ le ɣleti si akplɔe ɖo me, siwo dometɔ ɖeka anye esi míazã atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple amewo le Memleɖa gbãtɔ dzi la adze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe megbekpaa dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe