Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le June me: Mina Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me. Ne agbalẽa le aƒemenɔlaa si xoxo eye medi be woawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye o la, gbeƒãɖelawo ate ŋu anae magazine alo agbalẽ gbadza xoxo ɖe sia ɖe si ƒo nu tso nya si me wòtsɔ ɖe le ŋu. July kple August: Mina axa 32-gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si le hamea si. September: Mina Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me.
◼ Àte ŋu akpɔ nutome gã takpekpe siwo woawɔ le ƒe sia me le Ghana kple teƒe bubuwo la ƒe ɖoɖowɔɖi le míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye www.pr2711.com. Ke hã, woaklã esiwo woawɔ le Ghana la ƒe ɖoɖowɔɖia ɖe gbeƒãɖeʋuƒoa dzi le Fiaɖuƒe Akpataa me be nɔviwo nakpɔ.
◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamewo be woadze agbalẽ siwo wodɔna ƒe sia ƒe la dɔdɔ gɔme. Miate ŋu awɔ esia to jw.org Internet nyatakakadzraɖoƒea dzi. Ne miaƒe hamea medɔa agbalẽwo to Internet nyatakakadzraɖoƒea dzi o la, ekema taflatsɛ miɖo miaƒe Literature Request (S-14) agbalẽvia ɖa, be woawɔ dɔ tso eŋu.