Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le August me: Mina axa 32 gbalẽ ɖe sia ɖe si sɔ, si le hamea si. Ne agbalẽ gbadza siwo le hamea si la vɔ ko hafi miadɔ yeyewo. September: Mina Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? Midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me. Ne agbalẽa le aƒemenɔlaa si xoxo eye medi be woawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye o la, gbeƒãɖelawo ate ŋu anae magazine xoxo alo agbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si ƒo nu tso nya si me wòtsɔ ɖe le ŋu. October: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia la, minae trakt si nye Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa? eye miadze agbagba adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. November: Mina The Bible—What Is Its Message? (Biblia La—Nya Kae Le Eme?) Ne ɖeke meli o la, mina axa 32 gbalẽ ɖe sia ɖe si sɔ, si le hamea si.
◼ Míadzro video eve siwo nye Jehovah’s Witnesses—Faith in Action, Part 1: Out of Darkness kple The Wonders of Creation Reveal God’s Glory me le Subɔsubɔ Kpekpe aɖewo siwo gbɔna me. Ne miehiã video siawo la, ke midɔ wo kaba to hamea dzi.
◼ Ƒe 2011 subɔsubɔƒea awu enu le August 31 dzi. Míele ŋku ɖom edzi na hame ƒe agbalẽŋlɔlawo be woaxɔ ƒe 2011 subɔsubɔƒea ƒe gbeadzikɔnta ɖe sia ɖe si womekpɔ le nuŋlɔɖiawo me o la, eye woatsɔ akɔntabubu siawo siwo tsi megbe la akpe ɖe August ƒe akɔntabubua ŋu.
◼ Gbeadzikɔntabubu geɖewo tsia megbe. Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ ne gbeƒãɖelawo tsɔ woƒe gaƒoƒo na kaba. Míele ŋku ɖom edzi na hame ƒe agbalẽŋlɔlawo be woaɖo akɔntabubuawo ɖa kaba ɣleti sia ɣleti (woate ŋu aɖoe ɖa to Internet nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org la hã dzi).