Gbeadzisubɔsubɔdɔ Ŋuti Nyatakakawo
Le April 2011 me la, míekpɔ dzidziɖedzi ɖedzesi le nu geɖe me, eye ɖikeke mele eme o be esia tso ale si gbeƒãɖela geɖewo kpɔ gome le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me la gbɔ. Gbeƒãɖela 28,762 sɔŋ ye wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa! Gbesiagbe mɔɖelawo hã dzi ɖe edzi va ɖo 8,308. Esiawo katã wɔe be míekpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeye si nye gbeƒãɖela 105,466. Le April 2011 me la, míena magazine agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si míena kpɔ o, si nye magazine 1,389,339 sɔŋ.
Ado dzidzɔ na mi hã be mianyae be ame 311,321 sɔŋ ye de Ŋkuɖodzia. Le nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 230 siwo wɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi ƒe dɔa le ɣletia me ta la, míete ŋu wɔ ƒe sia me ƒe Ŋkuɖodziwɔnaa le du kple kɔƒe geɖewo me zi gbãtɔ.
Nɔviwo, nyatakaka dodzidzɔnamee esia nye vavã, eye mi katã miedze na kafukafu. Mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi edzi anɔ gome kpɔm le dɔ vevi sia me dzonɔamemetɔe.—Mat. 24:14.