Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le October 31, 2011 ƒe kwasiɖaa me.
1. Nu ka tae wòle be míaku ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu? (Ps. 119:60, 61) [w00 12/1 axa 14 mm. 3]
2. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Psalmo 133:1-3 me? [w06 9/1 axa 16 mm. 3]
3. Mɔ ka nue Yehowa ‘dzro’ David me eye ‘wòdo’ eƒe ‘azɔlizɔzɔ’ kple “anyimɔmlɔ” kpɔ le? (Ps. 139:1, 3) [w06 9/1 axa 16 mm. 6; w93 10/1 axa 11 mm. 6]
4. Nɔnɔme sesẽ kawo mee Yehowa ‘atso’ esubɔlawo ‘axɔ’ alo ‘afɔ wo ɖe tsitrenu’ le? (Ps. 145:14) [w04 1/15 axa 17 mm. 11]
5. Nuwɔna kae wɔe be wobu ŋutsu si ŋu nya wogblɔ le Lododowo 6:12-14 la be enye yakame? [w00 9/15 axa 26 mm. 5-6]
6. Nu ka tae nunyala xɔa “sedede na eɖokui”? (Lod. 10:8) [w01 7/15 axa 26 mm. 1]
7. Aleke nunyala kple bometsila wɔa nu ɖe dzudzu alo ɖeklemiɖeɖe masɔmasɔwo ŋui? (Lod. 12:16) [w03 3/15 axa 27 mm. 3-4]
8. Aleke nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ ate ŋu ana ‘míanɔ aglotutu dzi atraɖii’? (Lod. 15:15) [w06 7/1 axa 16 mm. 6]
9. Nu kae wòfia be ‘woaƒle nunya’ eye gɔmesese ka nue ame si ƒlea nunya la “lɔ̃a eƒe agbe” le? (Lod. 19:8) [w99 7/1 axa 18 mm. 4; it-1-E axa 1059 mm. 1]
10. Aleke nugɔmesese ɖea vi le ƒomea me? (Lod. 24:3) [w06 9/15 axa 27 mm. 11; be axa 32 mm. 1]