INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/11 axa 3
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 12/11 axa 3

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le December 26, 2011 ƒe kwasiɖaa me.

1. Ne míewɔ nane wòve ame aɖe la, aleke aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 30:32 dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na dzikudodo nɛ ɖe edzi? [w87-E 5/15 axa 30 mm. 11]

2. ‘Dzidzɔkpɔkpɔ’ ka tɔgbie nana ame sena le eɖokui me be dzodzroe yeti eyome? (Nyagb. 2:1) [g 4/06 axa 6 mm. 1-2]

3. Togbɔ be ame aɖewo ƒo nya ta be Salomo ƒe nya siwo wòŋlɔ ɖe Nyagblɔla 3:1-9 de dzɔgbese ƒe dzixɔsea dzi hã la, aleke nya si wòŋlɔ ɖe Nyagblɔla 9:11 la kɔ nya sia me heɖee fia kɔtɛ be menye dzɔgbesee kpɔ ŋusẽ ɖe agbemenudzɔdzɔ ɖe sia ɖe dzi o? [w09 3/1 axa 4 mm. 4]

4. Ne ame aɖe ‘wɔa nu dzɔdzɔe vivivo’ la, afɔku kae le eme? (Nyagb. 7:16) [w10 10/15 axa 9 mm. 8-9]

5. Aleke Hawo ƒe Ha 2:7 ɖee fia be mele be ame siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la natsɔ dzitsitsi atia ame si woaɖe o? [w06 11/15 axa 19 mm. 1; w80-E 4/15 axa 19 mm. 7]

6. Nu kae ‘anyitsi si le tsyɔtsyɔm le Sunem ɖetugbuia ƒe nuyi ŋu’ kple ‘anyitsi kple notsi si le eƒe aɖe te’ la fia? (Ha. 4:11) [w06 11/15 axa 19 mm. 6]

7. Aleke dzesideŋkɔ siwo nye ‘Adaŋudela Wɔnuku,’ “Mawu Kalẽtɔ,” kple “Fofo Mavɔ” na míekpɔ nɔnɔme nyui siwo le Yesu si kple ale si eƒe dziɖuɖua anɔ le xexe yeyea me lae? (Yes. 9:5) [wVol. 112 No. 8 axa 5 mm. 7 (w91-E 4/15 axa 5 mm. 7)]

8. Ame kawoe woate ŋu atsɔ Israel ‘dukɔ gbexɔse’ la asɔ kple, eye ame kawoe Yehowa azã abe “ameƒoti” ene atsɔ atsrɔ̃e? (Yes. 10:5, 6) [ip-1 axa 145 mm. 4, 5; axa 153 mm. 20]

9. Nu ka tae Yesaya ƒe nyagblɔɖi si nye be “womatso aƒe ɖe” Babilon “akpɔ o tegbee” la ɖe dzesi ŋutɔ, eye kakaɖedzi kae nya sia ƒe emevava na mí egbea? (Yes. 13:19, 20) [bh ta 2 mm. 16-17]

10. Ɣekaɣie Yesu xɔ “Dawid ƒe aƒe la ƒe safui” la, eye aleke wòle safui ma ŋu dɔ wɔm tso ɣemaɣi? (Yes. 22:22) [w09 1/15 axa 31 mm. 2]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe