Gbeadzisubɔsubɔdɔ Ŋuti Nyatakakawo
Le September me la, wotu Fiaɖuƒe Akpata 700 lia le Ghana, le Fiaɖuƒe Akpatawo Tutu Le Dukɔ Siwo Me Nu Mede Amewo Dzi Le Boo O Me ƒe kpekpeɖeŋunaɖoɖoa me.
Dzidzedzekpɔkpɔ gã aɖee nye esia eye eɖe dɔ sesẽ si gbegbe nɔviwo wɔ le ƒe 10 kple edzivɔ siwo va yi me la fia kɔtɛ. Egahiã kokoko be míatu Fiaɖuƒe Akpata siwo wu 100 sɔŋ, eye míaƒe taɖodzinue nye be míatu Fiaɖuƒe Akpata 60 le subɔsubɔƒe sia me. Míele mɔ kpɔm be míase nuteƒekpɔkpɔ nyui siwo ado tso esia me. Taflatsɛ, mika ɖe edzi be míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo miedzɔna faa hena alɔdodo Fiaɖuƒe Akpata tutudɔa ŋu vevie ŋutɔ.