Gbeadzisubɔsubɔdɔ Ŋuti Nyatakakawo
Le Kwasiɖagbe, January 29, dzi la, ame 30,507 sɔŋ ye se alɔdzewo dzikpɔla si va srã alɔdzedɔwɔƒea kpɔ ƒe nuƒoa. Nuƒoa ƒe tanyae nye “Mika Ðe Miaƒe Luʋɔwo Ƒe Kplɔla Kple Dzikpɔla La Dzi.” Ame 11,547 ye ƒo ƒu ɖe Accra Takpexɔa me, eye zi gbãtɔe nye esia si amewo ƒo ƒu ɖe teƒe etɔ̃ bubuwo se nuƒoa to telefonkadodo dzi. Le Kumasi la, ame 6,173 ye ƒo ƒu, le Sunyani la, ame 5,650, eye le Takoradi la, ame 7,137.
Nɔviawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, menye esiwo ƒo ƒu ɖe Accra la ɖeɖe ko o, ke esiwo ƒo ƒu ɖe dukɔa ƒe teƒe bubuwo hã, be yewose nuƒo dedziƒoname la eye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su yewo si yewose vivi le hadede kple yewo nɔewo me!