INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/12 axa 3
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 6/12 axa 3

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le June 25, 2012, ƒe kwasiɖaa me. Wotsɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔ ɖoɖo be woadzro nyabiase ɖe sia ɖe me la kpe ɖe eŋu ale be míate ŋu awɔ numekuku tso wo ŋu ne míele dzadzram ɖo ɖe sukua ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa.

1. Kakaɖedzi kae ale si Yehowa lé Yeremiya ɖe te le ɣeyiɣi aɖe si me ganyawo sẽ ŋutɔ me la na mí? (Yer. 37:21) [May 7, w97 9/15 axa 3 mm. 4–axa 4 mm. 1]

2. Mɔ kawo nue Kristotɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la srɔ̃ Ebed-Melex ƒe kpɔɖeŋu nyuia le? (Yer. 38:8-13) [May 7, su axa 179 mm. 9]

3. Nu kae dzɔ le Yuda le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, gake ame kawo tae wokpɔ? (Yer. 39:11-14) [May 14, w01 2/15 axa 20 mm. 10]

4. Nu kawoe nye ‘nu gã’ siwo Barux anya nɔ didim, eye nu ka dzie aɖaŋu si Yehowa ɖo nɛ la he míaƒe susu yi? (Yer. 45:5) [May 21, w06 8/15 axa 18 mm. 1; axa 19 mm. 6]

5. Nu kae ɖe dzesi le ale si wotsɔ Edom ƒe tsɔtsrɔ̃ sɔ kple ‘wainxalawo’ ƒe vava kple ‘adzodalawo’ ƒe ƒoƒoɖi le zã me ŋu? (Yer. 49:9, 10) [May 28, w07 11/1 axa 13 mm. 4]

6. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Fia Zedekiya dzi le esi ‘wòdze aglã ɖe Babel fia ŋu’ megbe la me? (Yer. 52:3, 7-11) [June 4, w88 11/1 axa 15 mm. 8 (w88-E 9/15 axa 17 mm. 8); w97 12/15 axa 13 mm. 12]

7. Nu kae nye Yehowa ƒe “afɔɖodzinu” kple eƒe “kpɔ” alo [“agbadɔ,” NW] la? (Kony. 2:1, 6) [June 11, w07 6/1 axa 9 mm. 2]

8. Nu kae Yeremiya wɔnɛ esi wògblɔ be Yehowa ‘aɖo ŋui, eye wòabɔbɔ’ ave ye nu, eye nu ka tae esia le vevie na mí ŋutɔ? (Kony. 3:20, NW) [June 18, w07 6/1 axa 11 mm. 2]

9. Nu ka tae wònyo be ame natsɔ fukpekpe ƒe kɔkuti le eƒe ɖevime? (Kony. 3:27) [June 18, w07 6/1 axa 11 mm. 4; w87 2/15 axa 24 mm. 1]

10. Aleke Ezekiel ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe ne amewo metsɔ ɖeke le eme o hã? (Eze. 3:8, 9) [June 25, w08 7/15 axa 8-9 mm. 6-7]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe