Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le January kple February me: Mina axa 32-gbalẽ gbadza ɖe sia ɖe si asɔ na miaƒe anyigbamamaa. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa, alo ne asɔ wu la, mina agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee la dometɔ si asɔ ɖe amea ƒe hiahiã nu, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. March kple April: Mina Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo. Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, mina Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa, alo ne asɔ wu la, mina agbalẽ gbadza siwo nye Ðo To Mawu kple Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee la dometɔ si sɔ, eye midze agbagba miadze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme.
◼ Dutoƒonuƒo si nutome sue dzikpɔla aƒo le ƒe 2013 subɔsubɔƒea ƒe ɣleti ade mamlɛawo me ƒe tanyae nye ‘Nya Nyui Na Dukɔ Sia Dukɔ Kple To Sia To Kple Gbegbɔgblɔ Sia Gbegbɔgblɔ.’