Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le February 24, 2014 ƒe kwasiɖaa me.
Nu kawo ŋue Satana na Xawa tsɔ eƒe susu ɖo? Eye nu kae Xawa ɖe fia esi wòɖu atikutsetse si nu wode se ɖo? (1 Mose 3:6) [Jan. 6, w11 5/15 axa 16-17 mm. 5]
Nu kae anya kpe ɖe Habel ŋu be xɔse sẽŋu su esi, eye aleke esia ɖe vi nɛ? (1 Mose 4:4, 5; Heb. 11:4) [Jan. 6, w13 1/1 axa 12 mm. 3; axa 14 mm. 4-5]
Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woagakpɔ dzidzɔ ɖe ame siwo xexea buna ‘ame kakowo’ kple ‘ŋkɔxɔlawo’ ŋu o? (1 Mose 6:4) [Jan. 13, w13 4/1 axa 13 mm. 2]
Nu kae míesrɔ̃ tso nuŋlɔɖi si le 1 Mose 19:14-17 kple 26 ku ɖe Lot kple srɔ̃a ŋu la me? [Jan. 27, w03 1/1 axa 16-17 mm. 20]
Aleke Abraham ɖee fia be yexɔ tsitretsitsia kple ŋugbe si Yehowa do be Isak mee dzidzimevia ado tso la dzi se? (1 Mose 22:1-18) [Feb. 3, w09 2/1 axa 18 mm. 4]
Nyateƒenya vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖi si le 1 Mose 25:23, si gblɔ be “tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ” la me? [Feb. 10, w03 10/15 axa 29 mm. 2]
Gɔmesese kae le drɔ̃e si Yakob ku si me wòkpɔ atsrɔe le la ŋu? (1 Mose 28:12, 13) [Feb. 10, w04 1/15 axa 28 mm. 6]
Nu ka tae Laban di vevie be yeaxɔ aklama kpakpɛ siwo wofi la kokoko? (1 Mose 31:30-35) [Feb. 17, w04 6/1 axa 29 mm. 2]
Nu kae míesrɔ̃ tso ale si mawudɔlaa ɖo nya ŋu na Yakob le 1 Mose 32:30 me? [Feb. 24, w13 8/1 axa 10]
Mɔ siwo dzi míato aƒo asa na nu si dzɔ ɖe Dina dzi la dometɔ ɖeka ɖe? (1 Mose 34:1, 2) [Feb. 24, w01 8/1 axa 20-21]