Kpekpeawo Ðea Vi Na Sɔhɛwo
1 Ðetugbui ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Ewɔna nam ɣeaɖewoɣi be sɔhɛwoe toa nɔnɔme sesẽwo me wu le agbe me. Ame siwo wɔa matre, zãa atike vɔ̃ɖiwo hemua aha domee míele.” Aleae nèsena le ɖokuiwò mea? Ne nenemae la, ke nu kae nèsusu be akpe ɖe ye ŋu yeaɖu ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siawo dzi? Èhiã xɔse; ele be nàxɔe ase ŋutɔŋutɔ be Yehowa ƒe mɔwoe nye nyuitɔ, elabena xɔse manɔmee la, ‘míate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o.’ (Heb. 11:6) Hamea ƒe kpekpewo dede ado ŋusẽ wò nàlé Kristotɔwo ƒe agbe nyui nɔnɔ me ɖe asi, eye wòana nàɖoe kplikpaa be yeaƒo asa na nu sia nu si nye vɔ̃.
2 Kpekpeawo Aɖe Vi Geɖe Na Wò: Nu kae nana míesea vivi na nuɖuɖu ɖekae kple mía xɔlɔ̃ veviwo? Ðe menye nuɖuɖu nyuia kple hadede tuameɖo si yia edzi le dziɖeɖi mee nana míesea vivi nɛ oa? Nu nyui mawo kee míekpɔna tso míaƒe kpekpeawo me, gake le gbɔgbɔmegɔmesese nu.
3 Nu siwo me míedzrona le kpekpeawo me tua ame ɖo ŋutɔ. Míedzroa nyati siwo ku ɖe ale si míanɔ te ɖe gbe sia gbe kuxiwo nu kple esiwo ku ɖe Biblia me nyagblɔɖi dodzidzɔnamewo ŋu la me. Azɔ hã, wonaa nufiame siwo ŋu viɖe le mí le ale si míanɔ agbe le mɔ nyuitɔ nu kple ale si míanɔ te ɖe kuxi siwo dzea ŋgɔ mí la nu. Kpekpeawo mee míekpɔa xɔlɔ̃ nyuitɔwo le, eye hadede kple mía nɔvi siwo hã vɔ̃a Yehowa la vivia mía nu henana míesena le mía ɖokui me be míele dedie. (Ps. 133:1) Mewɔ nuku o be sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Meyia suku gbe sia gbe, eye etea ɖeɖi ŋunye. Gake kpekpeawo le abe tsita le dzogbenyigba dzi ene, afi si ŋusẽ gaɖoa ŋunye le metsɔ yia suku ŋufɔke.” Sɔhɛ bubu gblɔ be: “Mede dzesii be hadede kple ame siwo lɔ̃ Yehowa kpena ɖe ŋunye mía kplii dome nɔa kplikplikpli wu.”
4 Ne èŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la, àsrɔ̃ ale si nàƒo Biblia me nyatakakawo nu ƒui, atrɔ asi le wo ŋu wòazu nuƒo, eye emegbe nàgblɔe le dzeɖoɖomɔ nu na nyaselawo le Fiaɖuƒe Akpata me. Kpɔ viɖe si wònye be woana hehe wò nàfia nyateƒenya siwo xɔa ame ɖe agbe, siwo le Mawu ƒe Nya la me, aɖaŋutɔe ɖa! Teƒe bubu kae sɔhɛwo agate ŋu akpɔ hehe xɔasi sia tɔgbi le axɔ?
5 Ale Si Nàwɔ Kpekpeawo Naɖe Vi Gbogbotɔ Na Wò: Nu vevi etɔ̃ ye awɔe be kpekpeawo naɖe vi gbogbotɔ na wò. Woawoe nye dzadzraɖo, gomekpɔkpɔ le wo me, kple nufiameawo tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me.
6 Dzra Ðo Ðe Wo Ŋu: Ðo ɣeyiɣi ɖi nàtsɔ adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu ɣesiaɣi. Mègana sukudɔdeasi, ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui, alo modzakaɖeɖe naxɔ ɣeyiɣi si nàtsɔ adzra ɖo ɖe kpekpe ɖe sia ɖe ŋu la le asiwò o. Edea ame dzi ne ɖoɖowɔɖi nyui le ame si. Gbãtɔ kple vevitɔe nye be nàxlẽ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽ si ƒe ɖoɖo wowɔ na Teokrasi Subɔsubɔ Sukua. Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko wòxɔna ŋkeke ɖe sia ɖe be míaxlẽ ta siwo wode asi na mí ahade ŋugble le wo ŋu. Ðo ɣeyiɣi aɖe ɖi nàtsɔ adzra ɖo ɖe Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu. Ame aɖewo wɔnɛ ŋkeke ɖeka alo eve do ŋgɔ na kpekpe mawo. Dzra ɖo ɖe kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea hã ŋu nenema ke ale si nàte ŋui.
7 Kpɔ Gome Le Wo Me: Biblia gblɔ be esi Yesu xɔ ƒe 12 la, wokpɔe le gbedoxɔa me wònɔ to ɖom, nɔ nya biam, eye wònɔ nyabiabiawo ŋu ɖom. (Luka 2:46, 47) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, ekpɔ gome le eme bliboe. Kpekpeawo aɖe vi na wò wu ne èdze agbagba be yeakpɔ gome le wo me.—Lod. 15:23.
8 Gbã la, ehiã be wò susu nanɔ nu si fiam wole le kpekpeawo me ŋu nyuie. Ɣeaɖewoɣi la, toɖoɖo nuƒo sesẽna wu nuƒoa ƒoƒo. Nu ka tae? Wò susu ate ŋu anɔ tsatsam ne ame bubue le nua ƒom. Aleke míawɔ axe mɔ na esia? Eyae nye be míawɔ nuŋlɔɖiwo. Ŋlɔ nya vevi siwo dzi nàdi be yeaɖo ŋkui la ɖi. Nuwo ŋɔŋlɔ ɖi kpuie akpe ɖe ŋuwò wò susu nanɔ nuƒoawo ŋu. Ʋu Ŋɔŋlɔawo, eye nàxlẽ wo akplɔ nuƒolaa ɖo ne ele wo xlẽm.
9 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖoe wò taɖodzinui be nàkpɔ gome le nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro ɖe sia ɖe me le kpekpeawo me. Aɖe vi geɖe na wò ne èbu nya si nàgblɔ le wò nyaŋuɖoɖowo me la ŋu nyuie do ŋgɔ. Lododowo 15:28 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.”
10 De Nu Siwo Nèsrɔ̃ Dɔwɔwɔ Me: Afɔ mamlɛtɔ si nàɖe ye nye be nàkpɔ egbɔ be nu si nèsrɔ̃ le ‘dɔ wɔm le mewò.’ (1 Tes. 2:13) Ne ètsɔ nu nyui siwo nèsrɔ̃ le kpekpe ɖe sia ɖe me de dɔwɔwɔ me la, ana mia kple Yehowa Mawu dome aganɔ kplikplikpli wu. Anye ame ŋutɔŋutɔ na wò, eye àkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe esi nèyi edzi le “zɔzɔm le nyateƒe la me,” eye nèwɔ nya la tɔwòe.—3 Yoh. 4.
11 Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu sɔhɛwo, ne mieyi edzi dzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu edziedzi, miekpɔa gome le wo me, eye mietsɔa nu siwo miesrɔ̃ dea dɔwɔwɔ me la, ana miase vivi na kpekpeawo bliboe. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woaɖe vi gbogbotɔ kekeake na mi. Esia ado ŋusẽ miaƒe xɔse, eye wòana miaɖoe kplikpaa be miayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, mia Fofo si le dziƒo.—Ps. 145:18.