INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/15 axa 4
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
km 9/15 axa 4

Gbeƒãɖeɖewo

◼ Agbalẽ si míana le September kple October: Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo. November kple December: Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? alo trakt siwo gbɔna dometɔ ɖe sia ɖe: Agbalẽ Ka Ƒomevie Biblia Nye? (T-30), Aleke Nuwo Ava Nɔ Le Etsɔme? (T-31), Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Ƒomea Me? (T-32), Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum? (T-33), Ðe Fukpekpewo Nu Ava Yia? (T-34), Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La? (T-36).

◼ Woaƒo ƒe 2016 ƒe Ŋkuɖodziɖuɣia ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le March 28 ƒe kwasiɖaa me. Míana mianya nuƒoa ƒe tanya emegbe. Hame siwo ayi takpekpe alo esiwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ le kwasiɖanuwuwu ma la naƒo nuƒo tɔxɛa le kwasiɖa si akplɔ ema ɖo me. Mele be hame aɖeke naƒo nuƒo tɔxɛa do ŋgɔ na March 28 ƒe kwasiɖa o.

◼ Mitrɔ asi le kwasiɖa domedome kpekpe si miawɔ le kwasiɖa si do ŋgɔ na esi me miade miaƒe nutome gã takpekpea ŋu be miakpɔ video si ku ɖe “Takpekpea Ƒe Ŋkuɖodzinyawo” ŋu. Dzro takpekpea ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ŋkuɖodzinya siwo le videoa me kple August 3, 2013, ƒe lɛta si woŋlɔ na hamewo katã si ku ɖe nu siwo míawɔ be míagadze afɔku le míaƒe tadeaguƒewo o ŋu la me. Ɣleti ɖeka alo eve le takpekpea dede megbe la, miate ŋu azã akpa si nye miaƒe nuhiahiãwo atsɔ adzro takpekpea me nya vevi siwo gbeƒãɖelawo kpɔ be wole vi ɖem na yewo le subɔsubɔdɔa me la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe