INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb17 February axa 2
  • February 6-12

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • February 6-12
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
mwb17 February axa 2

February 6-12

YESAYA 47-51

  • Hadzidzi 120 Kple Gbedodoɖa

  • Ŋgɔdonyawo (3 min. alo made o)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

  • “Toɖoɖo Yehowa Ana Wòayra Mí”: (10 min.)

    • Yes 48:17—Mawu ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ dzie wotu tadedeagu vavãtɔ ɖo (ip-2 131 mm. 18)

    • Yes 48:18—Yehowa lɔ̃ mí eye wòdi be míase vivi na agbea (ip-2 131 mm. 19)

    • Yes 48:19—Toɖoɖo hea yayra mavɔwo vɛ (ip-2 132 mm. 20-21)

  • Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (8 min.)

    • Yes 49:6—Mɔ ka nue Mesia la nye “dukɔwo ƒe kekeli” le, togbɔ be Israel-viwo dome koe wòwɔ eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa le? (w07 1/15 9 mm. 8)

    • Yes 50:1—Nu ka tae Yehowa bia Israel-viwo be: “Afi kae mia dada si megbe la ƒe srɔ̃gbegbalẽ le?” it-1-E 643 mm. 4-5[it-1-F 660 mm. 4-5])

    • Nu kae kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ fiam tso Yehowa ŋu?

    • Kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me nya vevi kawoe mate ŋu azã le gbeadzi?

  • Biblia Xexlẽ: (4 min. alo made o) Yes 51:12-23

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

  • Dzra Ðo Ðe Ɣleti Sia Ƒe Dzeɖonyawo Ŋu: (15 min.) Numedzodzro si wotu ɖe “Kpɔɖeŋudzeɖonyawo” dzi. Na woaɖe kpɔɖeŋudzeɖonya videoawo dometɔ ɖe sia ɖe eye miadzro eƒe akpa veviawo me.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

  • Hadzidzi 89

  • Miaƒe Nuhiahiãwo: (7 min.) Ne mielɔ̃ la, miate ŋu adzro nu siwo miesrɔ̃ tso Ƒegbalẽa me la me. (yb16-E 144-145 [(yb16-F 144-145])

  • Nye Yehowa Xɔlɔ̃—Ðo To Yehowa: (8 min.) Numedzodzro. Na woaɖe video si nye Nye Yehowa Xɔlɔ̃—Ðo To Yehowa nàtsɔ adze wò dɔa gɔmee. Emegbe midzro nyabiase siwo gbɔna me: Susu vevi ka tae wòle be míaɖo to Yehowa? (Lod 27:11) Nu siwo me wòle be ɖeviwo naɖo to Yehowa le dometɔ aɖewo ɖe? Nu siwo me wòle be ame tsitsiwo naɖo to Yehowa le dometɔ aɖewo ɖe?

  • Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: (30 min.) kr ta 8 mm. 1-7 kple aɖaka “Wole nya nyuia gɔme ɖem ɖe gbe siwo wu 670 me”

  • Numetoto; Eyome He Susu Yi Nu Siwo Míasrɔ̃ Kwasiɖa Si Gbɔna Dzi (3 min.)

  • Hadzidzi 98 Kple Gbedodoɖa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe