INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 June axa 2
  • Dze Kristo Ƒe Afɔɖoƒewo Yome Pɛpɛpɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dze Kristo Ƒe Afɔɖoƒewo Yome Pɛpɛpɛ
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzi Nedzɔ Wò Ne Wole Yowòme Tim
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • “Mina Dzidodo Nawu Eƒe Dɔwɔwɔ Nu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Dzidodo Le Fukpekpe Me Ate Ŋu Aɖe Vi Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Àte Ŋu Awɔ Nuteƒe Ne Woti Yowòme
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 June axa 2

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Dze Kristo Ƒe Afɔɖoƒewo Yome Pɛpɛpɛ

Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí be míasrɔ̃ vevietɔ ne míele dodokpɔwo alo yometitiwo me tom. (1Pe 2:21-23) Togbɔ be amewo dzu Yesu hã la, mewɔ wɔɖenui esime wònɔ fukpekpewo me tom gɔ̃ hã o. (Mr 15:29-32) Nu kae kpe ɖe eŋu wòdo dzi? Eɖoe kplikpaa be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. (Yh 6:38) Eƒe susu hã nɔ “dzidzɔ si wotsɔ ɖo eŋkume” la ŋu.—Heb 12:2.

Ne amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o le míaƒe dzixɔsewo ta, aleke míewɔa nui? Kristotɔ vavãwo meɖoa “vɔ̃ vɔ̃ teƒe” o. (Ro 12:14, 17) Ne míesrɔ̃ ale si Kristo do dzi le fukpekpewo me la, dzi ate ŋu adzɔ mí elabena Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.—Mt 5:10-12; 1Pe 4:12-14.

MIKPƆ VIDEO SI NYE YEHOWA ƑE ŊKƆE NYE NU VEVITƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke Nɔvinyɔnu Pötzingera zã eƒe ɣeyiɣia nyuie esi wònɔ ameɖekɛgaxɔ me?

  • Fukpekpe kawo mee Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Pötzinger to esime wonɔ fuwɔamegaxɔ vovovowo me?

  • Nu kae kpe ɖe wo ŋu wodo dzi?

Nyɔnu siwo wolé de Nazitɔwo ƒe gaxɔ me la le dɔ sesẽ wɔm; Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Pöetzinger

Dze Kristo ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ ne èle fukpekpewo me tom

a Woagate ŋu aŋlɔ ŋkɔa ale, Poetzinger.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe