NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 42-43
Yosef Ðu Eɖokui Dzi Ŋutɔ
Àte ŋu akpɔ ale si Yosef ase le eɖokui me enumake esime wòkpɔ nɔviawo ŋkume kple ŋkume la le susu mea? Ate ŋu aɖe eɖokui afia wo enumake, eyome wòawɔ atuu na wo loo alo abia hlɔ̃ wo. Gake meɖe mɔ eƒe seselelãmewo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Aleke nàwɔ nui ne ƒometɔwo alo amewo mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o? Yosef ƒe kpɔɖeŋua fia ale si wòle be míaɖu mía ɖokuiwo dzi eye míalé mía ɖokuiwo kpoo la mí, tsɔ wu be míadze míaƒe dzi alakpatɔ la yome eye míawɔ nu siwo wògblɔ na mí.
Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yosef le nɔnɔme sesẽ siwo me tom nèle la me?