INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb22 July axa 15
  • Ðe Nèdea Dzesi Wò Gbedodoɖawo Ƒe Ŋuɖoɖowoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèdea Dzesi Wò Gbedodoɖawo Ƒe Ŋuɖoɖowoa?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ale Si Yehowa Ðoa Míaƒe Gbedodoɖawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Ðe Yehowa Aɖo Nye Gbedodoɖawo Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
mwb22 July axa 15
Nɔvinyɔnu aɖe le gbe dom ɖa. Eƒe Biblia le kplɔ̃ dzi le egbɔ.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ðe Nèdea Dzesi Wò Gbedodoɖawo Ƒe Ŋuɖoɖowoa?

Kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me siwo ɖee fia be Yehowa ɖoa gbedodoɖawo ŋu. Ðikeke mele eme o be Mawu subɔlawo ƒe xɔse gasẽna ɖe edzi ne wokpɔe be Yehowa se yewoƒe kuxiwo eye wòkpe ɖe yewo ŋu. Eya ta anyo be míaƒe gbedodoɖawo naku ɖe nane koŋ ŋu ale be ne Yehowa ɖo wo ŋua, míate ŋu ade dzesii. Nenɔ susu me na mí be ale si wòaɖo eŋuia ate ŋu ato vovo alo agbɔ nu si míebia ŋu sãsãsã. (2Ko 12:7-9; Ef 3:20) Nu kawoe Yehowa ate ŋu ana mí ne ele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom?

  • Ŋusẽ kple xɔse si míehiã be míanɔ te ɖe kuxi aɖe nu.—Flp 4:13.

  • Nunya si ana míatso nya me nyuie.—Yak 1:5.

  • Didi kple ŋusẽ si ana míawɔ nu si sɔ.—Flp 2:13.

  • Dzidzeme be míagatsi dzimaɖi o.—Flp 4:6, 7.

  • Ame siwo akpe ɖe mía ŋu alo afa akɔ na mí.—1Yh 3:17, 18.

  • Akpe ɖe ame siwo ta míedoa gbe ɖa ɖoa ŋu.—Dw 12:5, 11.

MIKPƆ VIDEO SI NYE YEHOWA NYE “GBEDODOÐASELA,” EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Aleke nu siwo me Nɔviŋutsu Shimizu toa ate ŋu ade dzi ƒo na mí ne lãmegbegblẽ wɔe be mímagate ŋu awɔ geɖe abe ale si míedi ene o?

  • Aleke míate ŋu asrɔ̃ Nɔviŋutsu Shimizu ƒe kpɔɖeŋua?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe