INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 April axa 31
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mina Míasrɔ̃ Itai Ƒe Nuteƒewɔwɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Fia Wò Lɔlɔ̃num Mawɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ðo Ŋu Ðe Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu Ne Nɔnɔmewo Trɔ Le Wò Agbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Yehowa—“Xɔnametɔ” Le Biblia Ŋlɔɣiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 April axa 31

Ènyaa?

Nu ka tae Fia David na amedzroviwo hã nɔ eƒe asrafowo dome?

AMEDZROVI siwo nye aʋawɔla siwo nɔ David ƒe asrafoha me la dometɔ aɖewoe nye Amon vi Zelek, Hititɔ Uriya, kple Moabtɔ Yitma.a (1 Kron. 11:​39, 41, 46) “Keretitɔwo, Peletitɔwo kple Gititɔwo” hã nɔ David ƒe asrafowo dome. (2 Sam. 15:18) Edze abe Keretitɔwo kple Peletitɔwo do ƒome kple Filistitɔwo ene. (Eze. 25:16) Eye anɔ eme be Gititɔwo tso Filistitɔwo ƒe du si nye Gat me.—Yos. 13:​2, 3; 1 Sam. 6:​17, 18.

Nu ka tae David xɔ amedzroviwo ɖe eƒe asrafowo dome? Eka ɖe edzi be wonye nuteƒewɔlawo ta woawɔ nuteƒe na ye, eye vevietɔ wua, woawɔ nuteƒe na Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ tso Keretitɔwo kple Peletitɔwo ŋu be: “Woku ɖe David ŋu goŋgoŋ le ɣeyiɣi sesẽtɔwo me le eƒe fiaɖuɣi.” (The New Interpreter’s Dictionary of the Bible) Le mɔ ka nu? Esime “Israel ŋutsuwo katã” trɔ le Fia David yome eye wodze “ŋutsu yakame aɖe . . . si ŋkɔe nye Seba” yome la, Keretitɔwo kple Peletitɔwo ya ku ɖe David ŋu, eye wokpe asi ɖe eŋu wòtsi Seba ƒe aglãdzedzea nu. (2 Sam. 20:​1, 2, 7) Ɣebubuɣia, Fia David ƒe vi Adoniya di be yeaxɔ fiazikpuia sesẽe. Gake Keretitɔwo kple Peletitɔwo wɔ nuteƒe na David, eye wokpe asi ɖe eŋu wòɖo Salomo fiae, elabe eyae Yehowa tia be wòazu fia ɖe David teƒe.—1 Fia. 1:​24-27, 38, 39.

Amedzrovi bubu si hã ku ɖe David ŋu goŋgoŋ ye nye Gititɔ Itai. Itai kple eƒe aʋawɔla 600 kpe ɖe Fia David ŋu esime via Absalom dze aglã hetrɔ Israel ŋutsuwo ƒe dzi ɖa le David ŋu. Gbãa, David gblɔ na Itai be esi amedzroe wònye taa, mehiã be wòatsi dzi ɖe ye ŋu o. Gake Itai gblɔ nɛ be: “Zi ale si Yehowa le agbe, eye zi ale si nye aƒetɔ fia le agbe la, afi si nye aƒetɔ fia anɔ la, eɖanye ku me alo agbe me o, afi mae wò subɔvi la hã anɔ!”—2 Sam. 15:​6, 18-21.

Itai kple Fia David le dze ɖom dzidzɔtɔe.

Itai wɔ nuteƒe na David, ame si Yehowa si ami na be wòanye fia

Togbɔ be Keretitɔwo, Peletitɔwo kple Gititɔwo nye amedzroviwo hã, wova xɔ Yehowa dzi se be eyae nye Mawu vavã la, eye be David ye nye ame si Yehowa si ami na be wòanye fia. Dzi anya dzɔ David ŋutɔ be ŋutsu nuteƒewɔla siawo gbegbe le ye ŋu!

a Mawu ƒe se si le 5 Mose 23:​3-6 gblɔ be Amonitɔ alo Moabtɔ aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o. Gake edze abe ale si womaɖe mɔ na wo le se nu be woazu Israel-dukɔa me tɔ bliboe o ŋue se sia ku ɖo ene, ke mefia be womekpɔ mɔ anɔ Mawu ƒe amewo dome kura o. Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 95 (Étude perspicace des Écritures, Babla 1, axa 100-101).

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe