INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 June axa 19
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzo Nɔa Yehowa Ƒe Amewo Me Ðe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • “Ame Fafawo Anyi Anyigba La Dome”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • ‘Mele Adzɔge Tso Mía Dometɔ Aɖeke Gbɔ O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðe Seselelãme Le Yehowa Sia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 June axa 19

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe nya siwo nye “wòe adzɔ wo ŋu,” si dze le Psalmo 12:7 ku ɖe ‘nublanuitɔ’ siwo dze le kpukpui 5 lia me ŋua, alo eku ɖe “Yehowa ƒe nyawo” si dze le kpukpui 6 lia me ŋu?

Nya siwo wogblɔ le kpukpui siwo do ŋgɔ me la ɖee fia be amewo ŋue woku ɖo.

Psalmo 12:​1-4 gblɔ be “anukwaretɔwo bu le amegbetɔviwo dome.” Azɔ na míadzro Psalmo 12:​5-7 lia si fɔ nyabiase sia ɖe te la me. Afi ma xlẽ be:

“Yehowa be: ‘Esi wole nublanuitɔwo tem ɖe to,

Eye ame dahewo le hũ ɖem ta la,

Matso azɔ.

Maxɔ na wo tso ame siwo doa vlo wo la si me.’

Yehowa ƒe nyawo dza;

Wole abe klosalo si wolólo le kpo me, si ŋu wodza zi gbɔ zi adre la ene.

Oo Yehowa, wòe adzɔ wo ŋu;

Wòe akpɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ta tso dzidzime sia si me tegbee.”

Kpukpui 5 lia gblɔ nu si Mawu awɔ na “nublanuitɔwo.” Egblɔ be Mawu axɔ na wo.

Kpukpui 6 lia gblɔ be “Yehowa ƒe nyawo dza” ‘abe klosalo ene.’ Yehowa subɔlawo katã lɔ̃ ɖe nya sia dzi bliboe.—Ps. 18:30; 119:140.

Azɔ na míakpɔ Psalmo 12:7 lia si kplɔe ɖo la ɖa. Afi ma gblɔ be: “Oo Yehowa, wòe adzɔ wo ŋu; wòe akpɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ta tso dzidzime sia si me tegbee.” Nu kae “wo” si wozã le afi sia le tsitre ɖi na?

Esi wònye hakpalaa ƒo nu tso “Yehowa ƒe nyawo” ŋu hafi va gblɔ kpukpui 7 lia me nyawo taa, ame aɖewo ate ŋu aƒo nya ta be ke “wo” ma ku ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu. Eye míenya be Yehowa dzɔ eƒe nyawo ŋu hã vavã elabe ekpɔ Biblia ta tso tsitretsiɖeŋula siwo dze agbagba be yewoaɖo asi edzi alo abu mo nɛ la si me.—Yes. 40:8; 1 Pet. 1:25.

Gake nya siwo dze le kpukpui 5 lia me hã nye nyateƒe. Yehowa xɔna na “nublanuitɔwo” kple ‘ame siwo wote ɖe anyi’ eye wòkpena ɖe wo ŋu.—Hiob 36:15; Ps. 6:4; 31:​1, 2; 54:7; 145:20.

Ke nu ka ŋue “wo” si dze le kpukpui 7 lia me la ku ɖo?

Nya siwo le kpukpui siwo do ŋgɔ nɛ me la ɖee fia be amewo ŋue wòku ɖo.

Psalmo 12:1 ƒo nu tso ‘anukwaretɔ’ siwo ame vɔ̃ɖiwo trɔ to me la ŋu. Kpukpui siwo kplɔe ɖo gblɔ be Yehowa atso ɖe ame siwo tsɔa woƒe nu blea ame la ŋu. Psalmo sia ɖee fia be míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu axɔ na eƒe amewo, elabe eƒe nyawo dza.

Eya ta kpukpui 7 lia me nyawo fia be Yehowa adzɔ ame siwo ŋu ame vɔ̃ɖiwo gblẽ nu le la ŋu eye wòakpɔ wo ta.

Nya “wo” si wozã le kpukpui 7 lia me ye wozã le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe xoxotɔ (Masoret ŋɔŋlɔawo) me. Le Helagbe Septuagint (Septante) me la, wozã nya “wo” zi eve sɔŋ le kpukpui 7 lia me, eya ta enɔ susu hem yi nublanuitɔ kple ame siwo wote ɖe anyi la dzi. Kpukpui 7 lia ƒo eta be Yehowa akpɔ esubɔlawo “dometɔ ɖe sia ɖe” ta “tso dzidzime sia,” si nye amegbetɔ siwo doa nu ɖigbɔ wɔwɔ ɖe ŋgɔ la, si me. (Ps. 12:​7, 8) Hebri Ŋɔŋlɔawo si gɔme woɖe ɖe Aramgbe me ƒe kpukpui 7 lia xlẽ be: “O, AƑETƆ, wòe akpɔ ame dzɔdzɔewo ta, adzɔ wo ŋu tso dzidzime vɔ̃ɖi sia si me tegbee. Ame vɔ̃ɖiwo le tsatsam le afi sia afi abe axɔ̃ si le ʋu nom le lãme na amegbetɔviwo ene.” Esia hã ɖo kpe edzi be Psalmo 12:7 me nyawo meku ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu o.

Le susu sia ta, mawunyakpukpui sia naa mɔkpɔkpɔ “anukwaretɔwo” be Mawu axɔ na wo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe