Enyo Nam Be Mate Ðe Mawu Ŋu
ESI mexɔ ƒe asieke la, metsi nenema, nyemeganɔ kɔkɔm o. Egbea mexɔ ƒe 43 evɔ nye kɔkɔme katã nye meta ɖeka ko. Esi dzinyelawo kpɔe be kɔkɔ megale ŋunye o la, wode dzi ƒo nam be mawɔ dɔ sesĩe ale be nyemaganɔ nye kɔkɔme ŋu bum ɣesiaɣi o. Eya ta meɖo atikutsetsesi ɖe míaƒe agbo nu eye meɖoe nyuie wònya kpɔ. Esia hea ame geɖe wova ƒlea nu nam.
Ke hã dɔ sesẽ wɔwɔ metrɔ nu sia nu o. Megale kpuie kokoko, eye nu suetɔ kekeake wɔwɔ sesẽna nam, abe ne meyi fiase me be maƒle nu ene la, nye asi medea nuwo gbɔ o. Edze abe ame siwo kɔkɔ wum zi gbɔ zi evee le susu me na asiɖolawo ene. Nye nu wɔa nublanui na ɖokuinye ŋutɔ, gake nɔnɔmea trɔ esi mexɔ ƒe 14.
Gbe ɖeka, Yehowa Ðasefo nyɔnu eve va ƒle atikutsetse eye wodo Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe gbɔnye. Medidi o, mekpɔe be sidzedze Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo le vevie kura wu nye kɔkɔme. Esia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Eye Psalmo 73:28 va zu nye mawunyakpukpui vevi. Eƒe akpa gbãtɔ gblɔ be: “Enyo nam be mate ɖe Mawu ŋu.”
Eva dzɔ be míaƒe ƒomea ʋu kpata tso Côte d’Ivoire yi Burkina Faso, eye esia ɖe fu nam vevie. Le afi si míenɔ va yi la, amewo dze sim nyuie be menye atikutsetsedzrala. Gake le teƒe yeyea la, mezu ame sagaa na amewo eye wonɔa kpɔyem ɖeƒomevii. Amewo fɔa ŋku ɖe dzinye dzoɣlii, eya ta nyemedona o. Gake meva ɖo ŋku edzi be enyo nam be mate ɖe Yehowa ŋu. Eya ta meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea, eye woɖo ame si sɔ nam pɛ la ɖem. Dutanyanyuigblɔla aɖe si ŋkɔe nye Nani do dzokeke sue aɖe va gbɔnye.
Mɔ siwo le nutoa me dzi nye ke ɖeɖe sɔŋ, eye ne tsi dza la, ezua ba finyafinya ale be amewo nɔa anyi dzem. Nɔvinyɔnu Nani gena le eƒe dzokeke suea dzi zi gbɔ zi geɖe ne egbɔna nu srɔ̃ ge kplim, gake mena ta o. Gbe ɖeka egblɔ be yeakplɔm ayi kpekpea. Mekpɔe be esia fia be mado go le aƒe me si ana amewo nafɔ ŋku ɖe dzinye. Evɔ ne mí ame evea míenɔ eƒe dzokekea dzi la, ana ekuku nasesẽ ɖe edzi. Ke hã melɔ̃ ɖe edzi, esi meɖo ŋku nye mawunyakpukpui vevia ƒe akpa evelia dzi be: “Metsɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa wɔ nye sitsoƒe.”
Ɣeaɖewoɣi nye kple Nani siaa míedzea anyi ɖe ba me, gake esi míelɔ̃a kpekpeawo dede ta mevea mí o. Le Fiaɖuƒe Akpataa me la, amewo nɔa nu kom nam dzidzɔtɔe, gake le dua me la, ɖe wonɔa kpɔyem gãa! Ɣleti asieke megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ.
Mawunyakpukpui si doa dzidzɔ nam la ƒe akpa etɔ̃lia gblɔ be, “Ne maɖe gbeƒã wò dɔwɔwɔwo katã.” Menyae be gbeadzidede ye asesẽ nam wu. Megaɖoa ŋku zi gbãtɔ si meyi ɖaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me la dzi. Ðeviwo kple tsitsiawo siaa fɔ ŋku ɖe dzinye, wokplɔm ɖo hoo, eye wonɔ fewu ɖum le ŋunye le ale si mele zɔzɔmee ta. Esia te ɖe dzinye ale gbegbe, gake esi meɖo ŋku edzi be woawo hã wohiã na Paradisoa abe nye ke ene la, medo dzi tsɔe.
Be nuwo naka ɖe eme nam la, meƒle afɔti etɔ̃ keke si wokuna kple asi. Nye gbeadzizɔhɛa tutuam ne míele togbɛwo liam eye wòwɔna kaba nɔa anyi ɖe kekea dzi kplim ne míele abu ɖim. Togbɔ be gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ sesẽ nam le gɔmedzedzea hã la, eteƒe medidi hafi wòva nɔ dzi dzɔm nam o. Evivi nunye ale gbegbe be le ƒe 1998 me la, mezu gbesiagbe mɔɖela.
Mesrɔ̃ Biblia kple ame geɖe, eye wo dometɔ ene xɔ nyɔnyrɔ. Nye ŋutɔ nɔvinyenyɔnu ɖeka hã xɔ nyateƒea! Ne mese ale si nusrɔ̃viwo le ŋgɔ yim la, edea dzi ƒo nam ŋutɔ ne melé blanui. Gbe ɖeka esi menɔ asrãdɔ alo atikesi lém la, mexɔ lɛta aɖe tso Côte d’Ivoire. Medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple yunivɛsiti nusrɔ̃vi aɖe le Burkina Faso eye metrɔ nusɔsrɔ̃a na nɔviŋutsu aɖe. Emegbe nusrɔ̃via ʋu yi Côte d’Ivoire. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam esi mese be ezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ!
Aleke mewɔna kpɔa ɖokuinye dzi? Habɔbɔ aɖe si kpena ɖe wɔametɔwo ŋu doe ɖa be yewoafia awutɔtɔm. Nufiala ɖeka lé ŋku ɖe ale si mewɔa dɔe ŋu eye wògblɔ be, “Míafia wò adzalẽɖaɖa boŋ.” Eya ta wofiam. Fifia meɖaa adzalẽ si wotsɔ nyaa nu kple esi wotsɔ lea tsi. Amewo kpɔa dzidzɔ ɖe nye adzalẽa ŋu eye wokafunɛ na ame bubuwo. Nye ŋutɔe tsɔnɛ yina na amewo, eye dzokeke si afɔti etɔ̃ li na ye medona yina.
Nublanuitɔe la, le ƒe 2004 me la, eva hiã be matɔ te mɔɖeɖedɔa le dzimeveamedɔ sesẽ aɖe ta. Gake megadea gbeadzi edziedzi kokoko.
Amewo gblɔna be wonyam nyuie le nye alɔgbɔnukoko ta. Nyateƒee, ele be mayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm, elabena enyo nam be mate ɖe Mawu ŋu.—Abe ale si Sarah Maiga gblɔe ene.