INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 11
  • Ðe Agbalẽnyalawo Xɔe Se Be Yesu Nɔ Anyi Kpɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Agbalẽnyalawo Xɔe Se Be Yesu Nɔ Anyi Kpɔa?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • 3 Srɔ̃ Nu Tso Nyateƒe Si Ku Ðe Yesu Ŋu La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yesu Kristo—Nusiwo Ðo Kpe Edzi Be Enɔ Anyigba Dzi Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Amesi Tututu Yesu Nye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Kpeɖodzi Le Yesu Ŋuti Ðikekewo Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 11
Woɖɔ ŋukafiakuku na Yesu

Ðe Agbalẽnyalawo Xɔe Se Be Yesu Nɔ Anyi Kpɔa?

Kpeɖodzi sẽŋuwo le agbalẽnyalawo si siwo ɖee fia be Yesu nɔ anyi kpɔ. Esi Encyclopædia Britannica, ƒe 2002 ƒe tata nɔ nu ƒom tso ale si ŋutinyaŋlɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia me ƒo nu tso Yesu kple Kristotɔ gbãtɔwo ŋui ŋu la, egblɔ be: “Nuŋlɔɖi ɖekaɖeka siawo ɖo kpe edzi be le blemaɣeyiɣiwo me la, ame siwo tsi tsitre ɖe Kristotɔnyenye ŋu gɔ̃ hã meke ɖi le Yesu ƒe anyinɔnɔ kpɔ ŋu o, si ŋu wotsɔ susu siwo ŋu kpeɖodzi mele o la ʋli nya le zi gbãtɔ le ƒe alafa 18 lia ƒe nuwuwu, kple emegbe le ƒe alafa 19 lia me, kpakple le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze.”

Le ƒe 2006 me la, agbalẽ aɖe (Jesus and Archaeology) gblɔ be: “Agbalẽnyala xɔŋkɔ siwo li egbea dometɔ aɖeke meke ɖi be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Yesu si nye Yosef vi la nɔ anyi kpɔ o; wo dometɔ geɖe lɔ̃na ɖe edzi enumake be yewova nya nu geɖe tso eƒe dɔwɔwɔwo kple eƒe nufiafia veviwo ŋu.”

Biblia ƒo nu tso Yesu ŋu be enye ame ŋutɔŋutɔ. Eyɔ etɔgbuiawo ŋkɔwo eye wòƒo nu tso edzilawo kple nɔviawo ŋu hã. (Mateo 1:1; 13:55) Biblia yɔ ame xɔŋkɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ɣeyiɣia me ƒe ŋkɔwo hã. (Luka 3:1, 2) Nuŋlɔɖi vevi siawo na numekulawo tea ŋu kua nu me hekpɔa kpeɖodzi be Biblia me nuŋlɔɖiwo de pɛpɛpɛ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe