‘Abosamvũwoe’ Wonyea?
WOGBLƆ avũwo ƒe amedzidzedze le Kanada, England, kple United States ŋu nya geɖe le nyadzɔdzɔwo me le xexeame katã ƒe geɖee nye sia. United States ƒe Dɔlélenutsitsi ƒe dɔwɔƒewo ka nya ta be ame 157 siwo dzi woɖo kpee be avũwo ɖu wo woku le United States tso ƒe 1979 vaseɖe ƒe 1988 me la dometɔ 42 nye esiwo avũ siwo woyɔna le Eŋlisigbe me be pit bull alo le Fransegbe me be bouledogue ɖu. Le Britania la, woyɔ avũ wɔadã siawo le nyadzɔdzɔwo me be “Abosamvũwo.” Equinox magazine yɔ avũ sia be “amewumɔ̃ deŋgɔ.”
Le avũ ƒe avuwɔwɔ ƒe ʋukɔkɔɖifefe manɔsenua me la, wobua avũ sia be enye “avũ wɔadã siwo wua ame ŋutɔ” la dometɔ ɖeka le eƒe ŋusẽ, zazã, kalẽwɔwɔ, kple adãwɔwɔ ta. Toronto, Kanada ƒe The Globe and Mail gblɔ be ‘ɖe womlã pit bull siawo be woawu avũ bubuwo.’
The Toronto Star gblɔ be: “Eƒe glã si le abe mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ƒe galenu ene la ate ŋu awɔ nuvevi lã kple amegbetɔ bubuwo, vevietɔ, ɖevi siwo mate ŋu aʋli wo ɖokui ta o.” Nyɔnuvi si xɔ ƒe asieke, amesi wotsɔ gaƒoƒo atɔ̃ wɔ dɔ le mo na le esi pit bull aɖe ɖui megbe la le amedzidzedze vɔ̃ɖi ƒe nyatakaka siawo me. Ehiã be woawɔ atike na ƒe 13-vi aɖe le esi avũ siawo ɖu eƒe mo, eƒe domedome, atawo, aŋɔme kple eƒe agɔnu ta. Ƒe 21-nyɔnuvi aɖe si doa adzɔnuwo be woadzro ame wòaƒle la ƒe mo xɔ abi vevie eye wòhiã be woatɔe abika 70, esi exɔlɔ̃ ƒe pit bull si wòdi be yeagbugbɔ nu na la ɖui megbe. Le England la, “Abosamvũ” siawo dometɔ eve ɖu ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 54 la eye woho eƒe ŋɔtsi ɖa.
Kathleen Hunter, si nye Toronto ƒe Veveseɖeamenu ƒe Habɔbɔ ƒe amegã xɔe se tsã be ne womlã pit pull siawo nyuie la woanɔ ko abe aƒemevũ fafa bubuwo dometɔ ɖesiaɖe ene. Gake elɔ̃ ɖe edzi azɔ be “nɔnɔme si woxɔna tso dzɔdzɔme le pit bull si esi wɔe be wònye lã si dzi womate ŋu aɖu kura o. Avũ dzeaglã ŋutɔ aɖee wònye . . ., womlãe be wòadze ame dzi naneke mawɔmawɔe.”a Lãwo dzi kpɔdɔwɔƒe ƒe alɔdze si le Toronto ƒe Lãmesẽdɔdzikpɔƒe ƒe amegã Jim Bandow gblɔ be: “Pit bull la le abe bɔmb si wòna le ɣeyiɣi si woɖo nɛ dzi ene. Mànya ɣekaɣie wòadze ame dzi o.”
Sewɔlawo le agbagba dzem be yewoakpɔ kuxia gbɔ to se vovovowo dede kple egbɔ kpɔkpɔ be woawɔ ɖe wo dzi la dzi. Wobiana tsoa amesiwo si pit bull le le Edmonton, Kanada la si be afɔkudzedzemegbenɔga si de dɔlar 500,000 ya teti nanɔ wo si eye woaxe mɔɖegbalẽfe dɔlar 100. Le Winnipeg, Kanada la, womeɖea mɔ na pit bull yeyewo be woaɖo dugã me o, eye ele be amesiwo si avũ siawo le la nade ka kɔ na wo eye woade ga nu na wo eye woaɖee afia be afɔkudzedzemegbenɔga dɔlar 300,000 le yewo si. Britania-sewɔtakpekpea de se aɖe si me nudidi mawo ke le na amesiwo si avũ siawo le. Sea dzi dada ana woado fe na ame eye woade amea gaxɔ me.
Le Mawu ƒe Se si wòde na blema lsrael nu la, ele be woakpɔ lã wɔadãwo dzi nyuie. Ne woɖe asi le lã wɔadã aɖe ŋu wòyi ɖagblẽ nu la, wobiaa nusi wògblẽ la ƒe akɔnta le amesi tɔe wònye la si. Ne amee lã la wu la, lãa tɔ aɖi ʋufɔ, eye ema ate ŋu ana woawui. (Mose ll, 21:29) Le nusi wogblɔ ɖe Mawu ƒe Sea me ta la, anye nusi me nunya le be Kristotɔwo nawɔ afɔɖeɖe siwo hiã be woakpɔ avũ dzeaglã siwo dzi kpɔkpɔ sesẽ la dzi alo woatso nya me be ɖeke kura manɔ yewo si o.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Hena nya sia ŋuti numeɖeɖe geɖe la, kpɔ March 22, 1988 ƒe Awake!, axa 25.