INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 11/8 axa 23-24
  • Deti si me Wokpɔa Nu Geɖe Tsonɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Deti si me Wokpɔa Nu Geɖe Tsonɛ
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Desisi
  • Wotsɔnɛ Wɔa Nusianu tso Adzalẽ dzi Vaseɖe Aha Dzi
  • Ŋgɔyiyi Siwo Wowɔ Fifia
  • De Ati si me Wokpɔa Nu Geɖe Tsona
    Nyɔ!—1999
  • Wotsea Ku Le Woƒe Tsitsime
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
Nyɔ!—1992
g92 11/8 axa 23-24

Deti si me Wokpɔa Nu Geɖe Tsonɛ

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Nigeria gbɔ

EKWE ƒe atumpani la ƒe ɖiɖi le sesẽm ɖe edzi. Dzesi sia trɔ kɔƒea me tɔwo ƒe zɔɖeɖe si le blewu ɖekematsɔlemetɔe la wòzu amewo ƒe gidigidiwɔwɔ si me wole yɔyɔm le vevie. Ƒe mae nye ƒe 1937, eye wodze desisi gɔme le Igbo-nyigba dzi, le Nigeria ƒe ɣedzeƒe gome.

Esi wose nyatakaka be de ɖiɖiwo le gegem le devea me la, kɔƒea me fia gblɔe na ameawo ŋkeke eve do ŋgɔ be woadzra ɖo ɖe desisi ŋu. Woƒo dɔwɔlawo nu ƒu, wonyre yiwo eye wodzra dziliakawo ɖo. Dziliaka siawo nye ati siwo wobi gobaa si ŋu wogbi kawo ɖo la​—woawo ŋue dzidelawo aziɔ ɖo ne wole atiawo liam.

Desisi

Matthew, si xɔ ƒe 12 la di vevie be yeadze egɔme. Etsɔ dziliaka la nɔ ewɔwɔ srɔ̃mee. Le ƒe siwo va yi me la, ekpe ɖe nyɔnuwo ŋu le deʋaya siwo wotso la nu ƒoƒo ƒu me, gake fifia fofoa ɖe mɔ nɛ be wòade ati siwo le kpuie wu la dzi. Woaxe fe nɛ ɖe deta ɖesiaɖe si wòasi la ta. Gake nusi dim wòle ŋutɔŋutɔe nye alesi wòvivinae be wòanye dzidela, nusi kɔƒea me ɖevi suewo katã le mɔ kpɔm na kple dzidzɔ be yewoawɔ.

Esi atumpani la ɖi Ia, Matthew tsɔ du tso kɔƒea me hekpe ɖe fofoa kple dzidela bubuwo ŋu. Menye desisidɔ koe esia nye o, ke enyea hoʋiʋli ɖoa dzidela bibiwo hã dome. Wolia ati siwo kɔkɔ wu meta 9 la dzi helia deʋayawo yia woƒe ɖɔmee, esi nana atia ƒe kɔkɔme yia dzi meta 5 bubu, eye woɖea woƒe dzidede ƒe aɖaŋuwo fiana.

Wotsɔnɛ Wɔa Nusianu tso Adzalẽ dzi Vaseɖe Aha Dzi

Ðewohĩ àbia be, ‘Nukatae amewo tsia dzi ɖe detiwo ŋu alea gbegbe ɖo?’ Le viɖe gã si ameawo kpɔna tsoa ati sia si me wokpɔa nu geɖe tsonɛ tae. Ne ŋu ke ŋdi la, wodzaa deku si ƒe lolome le abe amititsetse ene la heɖenɛ le dekpea ŋu. Wotsɔa dekpe sia si me dze ƒomevi aɖe sɔ gbɔ le la ɖaa adzalẽ. Togbɔ be wodzraa dea ƒe akpa gãtɔ hena ɖoɖo ɖe ƒugodo hã la, wowɔa susɔea ŋudɔ le kɔƒea me afima.

Zi geɖe la Matthew kpɔna be ye dada ɖaa dea be delɔ̃ si le dekua ŋu la nabɔbɔ nyuie. Esia kpena ɖe eŋu be wòte ŋu tsɔa asi fiãa amia le delɔ̃a me. Eyome ezia dekuawo be wòakpɔ neƒi. Esiae wòtsɔ ɖaa neƒimie. Ezãa ami la tsɔ ɖaa nui, tsɔ ɖaa amisisi kple akaɖimemi si wodea eƒe akaɖiwo me. Eye netsro la va zua dzodonu.

Matthew ate ŋu aƒo nu tso nu nyui bubu si hã wotsɔa deʋayawo wɔnɛ la ŋu​—esi nye xɔgbagba. Ate ŋu atsɔ asi azɔ aba si dzi wòmlɔ la ŋu eye wòaɖee atia be deʋayawoe wotsɔ wɔ eya hãe. Wote ŋu tsɔa fɔdɔmemĩ gbia kae hetsɔnɛ lɔ̃a kusi alo xae. Gakpe ɖe eŋu la, wotsɔa deʋayawo tɔa kpɔ ɖe abɔ siwo me wodo nukuwo ɖo la ŋu bene lãwo nagayi wo me o. Tekawo lia fɔ̃ siwo wotu la. Eye wotsɔa dekpowo wɔa xá si wotsɔna kplɔa aƒemee.

Mewɔ nuku o be kɔƒea me metsitsiwo de se sesẽ ɖe deʋayawo tsotso ŋu! Wo tsotso yakayaka agblẽ nu le alesi atiawo atse kui ŋu eye wòawɔe be woaku gɔ̃ hã. Esia tae womelɔ̃a ʋlẽwo ƒe nya o ɖo. Wofea deʋayawo tsɔ lɔ̃a woƒe atɔwoe, eye esia nana deti geɖe kuna.

Gake deti siwo mu la hã ɖea vi. Hlowo miena ɖe deti vóvowo dzi. Gbamidowo alo hɔ̃hɔlimenu ƒe azi gbogbo aɖewo hã nɔa atia me​—esi nye nuɖuɖu vevi aɖe si me nunyiame le ne wotɔe kple ami. Deha si wokpana le atia ɖɔmee te ŋu dea galɔn alo ze geɖe. Ne wokpa deha tso ati siwo womu yeyee alo ati siwo le tsitrenu me la, enono vivina ŋutɔ. Zi geɖe la, wotsɔnɛ wɔa aha tsitsi kpakple kaikai (ogogoro) , aha sesẽ aɖe si le abe gin ene.

Ŋgɔyiyi Siwo Wowɔ Fifia

Tso keke ƒe 1937 me va ɖo fifia la, tɔtrɔ geɖewo va. Amesiwo tsɔa ga si wokpɔna le detidɔ me xea woƒe sukufee la ʋu yi dugãwo me. Eye dzidzɔ si wokpɔna tsã le desiɣiwo la nu yi.

Fifia wotsɔa dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe mɔnuwo dea deti ƒomevi vovovo ƒe agble siwo de ŋgɔ wu lae. Deti yeye siawo nɔa te ɖe dɔlélewo nu, wotsina kaba, wotsea ku geɖe wu eye wotsea ku esi eƒe kɔkɔme le kpuie ko. Esia wɔnɛ be dea sisi nɔa bɔbɔe wu. Wozãa yi legbe kple agblɔ tɔxɛwo le deti kɔkɔwo sisi me bene dzidede boo aɖeke nagahiã o. Ke hã togbɔ be mɔnu yeyeawo wɔa dɔ wu hã la, mehea vivisese alo dzidzɔ si desiɣi xoxoa hena vɛ la vɛ o!

Wowɔ ŋgɔyiyi le alesi wowɔa deawo ŋudɔe hã gome. Le dɔwɔƒe gã siwo wowɔa eŋudɔ le la, mɔ̃ gãwo li zia neƒiawo. Wotsɔa neƒiba la wɔa koklowo ƒe nuɖuɖumedenu vevi aɖe. Wotsɔa ami ƒomevi vovovoawo wɔa nuɖuɖuwo (abe bɔta, numeɖenu, kple ice cream ene) kpakple nusiwo womeɖuna o (abe adzalẽ, bosomikaɖi, ami ʋeʋẽe, ŋuizrɔ̃mi, kple mɔ̃memi gɔ̃ hã ene) . Hekpe ɖe eŋu la, wole aha sesẽ si woɖe le deha tsitsi me la zãm le aŋeɖadɔwɔƒe be wòana aŋea nabla.

Matthew kpɔ ŋudzedze ɖe ŋgɔyiyi siawo katã siwo va tso keke esime wònye ɖevi le lgbo-nyigba dzi ƒe geɖee nye esia la ŋu. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, eva nya nu bubu aɖe hã tso deti ŋu. Esime wònɔ Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo la, esrɔ̃e be Mawu gblɔ gbaɖegbe ke be: “Anyigba nemie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku, kple ati tseku, siwo tsena wo tɔ wo tɔwoe.” (Mose I, 1:11) Esi Matthew va nya alesi deti la wɔ dzɔ la, ate ŋu awɔ nu geɖe wu ati nyui sia kafukafu kple ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe eŋu ko. Ate ŋu akafu Yehowa Mawu, deti si me wokpɔa nu geɖe tsonɛ la Wɔla.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Eyina de si ge le detiawo dometɔ ɖeka dzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Peter Buckley/Photo Researchers

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe