INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 11/8 axa 9
  • Woɖe Ku ƒe Ti la Ða

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖe Ku ƒe Ti la Ða
  • Nyɔ!—1992
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Wotsrɔ̃ Ku Gbidigbidi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nu Ka Tae Amewo Kuna?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Aleke Woava Ðu Futɔ Si Nye Ku Dzii?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Nu Ka Tae Yesu Ku?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 11/8 axa 9

Woɖe Ku ƒe Ti la Ða

ENYE nusi bɔ be woaxlẽ nu tso ku ŋu be enye dzɔdzɔmenu alo nusi sɔ. Gake le Biblia ƒe nuŋlɔɖi nu la, menye dzɔdzɔmenue wònye o. Ku nye futɔ si nuvɔ̃ he vɛ. Biblia gblɔ le Romatɔwo 5:12 be: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.”

Esi wònye menye Mawue ɖo ku ɖi na ameƒomea o ta la, etsɔ lɔlɔ̃ wɔ dodo le eme ƒe ɖoɖo. Le mɔ ɖeɖe be Via naku ɖe mía ta me la, etsɔ tafe si sɔ na be wòate fli ɖe kufia si wòtso la me. (Mateo 20:​28; Yohanes I, 2:⁠2) Edo paradisonyigba si me dziɖuɖu yeye ŋutɔŋutɔ aɖu ameƒomea katã dzi le hã ƒe ŋugbe. Dziɖuɖu ma aɖe nuvɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖa keŋkeŋ. (Luka 18:30) Biblia gblɔ le Nyaɖeɖefia 21:​3, 4 be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” Ke amesiwo ku xoxo ya ɖe?

Tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ li na wo​—esi nye mɔkpɔkpɔ be woaganɔ agbe le Paradisonyigba ma dzi abe amegbetɔ siwo si lãmesẽ kple susu deblibo le ene. Ẽ, “gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe [ahado go].” (Yohanes 5:​28, 29) Yesu Kristo si Mawu dɔ ɖa be wòaɖe ameƒomea la gaka ɖe edzi na mí be: “Esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.”​—Yohanes 6:⁠40.

Tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ siae lé ame geɖe siwo ƒe lɔlɔ̃tɔ ku la ɖe te. Wonya be “alɔ̃” ko “dɔm” yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo Ie “le ku me” eye eyata “womexaa nu abe ame mamle siwo si mɔkpɔkpɔ mele ene o. “(Tesalonikatɔwo I, 4; 13, The New English Bible) Wokpɔa mɔ be yewoagade ha kpli wo le nuɖoanyi yeye ma si ŋugbe Mawu do la me. Woxɔ Mawu si naa akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ dzi se.​—Romatɔwo 15:​4, 13; Korintotɔwo II, 1: 3; Tesalonikatɔwo II, 2:⁠16.

Esia tae Yehowa Ðasefowo ƒe kunuwɔwɔwo ya to vovo tso bubuwo gbɔ ɖo. Be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe Ðasefoawo ŋu ta la, woƒoa asa na nuwɔna ɖesiaɖe si tsi tre ɖe eƒe Nya, Biblia la ŋu. Wotsria kɔnyinyi kple atsyɔ̃ɖonu siwo dzɔ tso dzixɔse siwo Biblia mefia o la me. Esi wònye Mawu vavã ɖeka, si nye Yehowae wodea ta agu na ta la, wogbea tadedeagu ƒe bubu ma dede woƒe amesiwo ku la ŋu. Eye wometsɔa woƒe kesinɔnuwo alo nɔƒe si wole nɔa dadamee o, elabena wonya be esia medzea Mawu ŋu o. (Yohanes I, 2:16) Woƒe kunuwɔwɔwo nɔa tsɛ evɔ bubu nɔa wo ŋu eye wonaa kpekpeɖeŋu tsɔ faa akɔ na amesiwo ƒe ame ku lae. Woƒoa nuƒo si me Biblia me mɔkpɔkpɔ dzena le tsɔ ɖoa ŋku ame kukua dzii. Wofaa avi ya, gake menye fũ o.

Yehowa Ðasefowo nya be eteƒe madidi o woaɖe ‘futɔ mamletɔ si nye ku’ la ɖa. Ekema nya siwo wogblɔ ɖi la ava eme be: “Womi ku le dziɖuɖu me. Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsiẽƒe, afika wò dziɖuɖu la le?”​—Korintotɔwo I, 15:​26, 54, 55.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe