INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 11/8 axa 10-12
  • Anyigbenutomelã Wɔnuku Siwo Kɔa Wo Viwo ɖe Aŋɔnu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Anyigbenutomelã Wɔnuku Siwo Kɔa Wo Viwo ɖe Aŋɔnu
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Eƒe Vi Dzidzi Wɔa Nuku
  • Koala Dzidzɔdonamela La ​—Lã Wɔnuku Bubu si Kɔa Via ɖe Aŋɔnu
  • Woƒe Dɔgbo Wɔnuku si Tua Nuɖuɖu
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2000
Nyɔ!—1992
g92 11/8 axa 10-12

Anyigbenutomelã Wɔnuku Siwo Kɔa Wo Viwo ɖe Aŋɔnu

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Australia gbɔ

NUKA tututue nye lã si kɔa via ɖe aŋɔnu, eye nukae na lã siawo wɔ nuku? Ne míagblɔe kpuie la, lã sia nye lã zazɛ̃ aɖe si naa no via. Gake le vovo na lã akpa gãtɔ la, lãnɔ siwo kɔa wo viwo ɖe aŋɔnu metoa amenɔ ɖe woƒe vidzidɔme le ɣeyiɣi si me wofɔ fu o. Vi siwo wodzina la nɔa sue nyaŋui, eye wonaa no wo hekpɔa wo ta le kotoku si woto ɖe gota la me. Eyata lã si kɔa via ɖe aŋɔnu koŋ enye lã si to kotoku, elabena Latingbe me nya marsupium gɔmee nye “butu” alo “kotoku.”

Le nyateƒe me la, lã siwo kɔa wo viwo ɖe aŋɔnu ƒomevi vovovo abe 250 ene, siwo li la dometɔ ɖeka kɔe kangaroo nye. Lã siwo kɔa wo viwo ɖe aŋɔnu le dukɔ bubuwo hã me, ke menye Australia ko o​—gake womesɔ gbɔ o. Le kpɔɖeŋu me, Anyiehe Amerika ƒe lã aɖe si ɖi kisi si woyɔna be opossum nye lã si kɔa via ɖe aŋɔnu, eye wokpɔ eƒomevi bubuwo le Dziehe Amerika hã. Gake Australia kple Pasifik ƒe Dzieheɣetoɖoƒe ƒe ƒukpowo dzi koŋ ye xexeame ƒe lã wɔnuku siwo kɔa wo viwo ɖe aŋɔnu ƒe akpa gãtɔ le, eye wokpɔ eƒomevi vovovo abe 175 ene le afima. Ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu la, kangaroo ƒe ha 45 ye le Australia, gake kangaroo dzĩ gã lae wonya wu. Eyae lolo wu le wo katã dome eye eƒe kpekpeme nye kilogram 90 eye wòkɔkɔ wu ame akpa gãtɔ. Gake eƒe nyɔnu tɔ le sue wu eye eƒe amadede le kpii kple blɔ.

Kangaroo ate ŋu ati kpo meta 11. Wobu wo dometɔ aɖewo ƒe duƒuƒu ƒe akɔnta be edea kilometa 64 le gaƒoƒo ɖeka me eye woti kpo meta 3 kple vɔ flɔ kpɔwo. Wokpɔ kangaroo dzĩ gã sia kple esi le sue vie wui, eye eƒe amadede le kpii la le Australia ƒe anyigbagã ƒe nuto akpa gãtɔ me. Wobɔ eye wonya kpɔna na tsaɖila siwo kua ʋu toa nuto siwo me atiwo mele fũ o me kple Australia titina ƒe dzogbenuto siwo me ƒu kplakplakpla me. Kangaroo nye lã siwo lɔ̃a hame nɔnɔ eye zi geɖe la wonɔa ƒuƒoƒo siwo woyɔna be kangaroohawo me.

Eƒe Vi Dzidzi Wɔa Nuku

Ðewohĩ, lã siwo kɔa wo viwo ɖe aŋɔnu ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa si wɔ nuku wue nye alesi wodzia vi heléa be na woe. Lã siwo kɔa wo viwo ɖe aŋɔnu ƒe akpa gãtɔ wɔa nu abe kangaroo ene. Le woƒe fufɔfɔ ƒe ŋkeke 33 vaseɖe 38 megbe teti ko Ia,wodzia kangaroo yeye. Gake kangaroo vi la le sue wu ʋukɔe​—enye nuwɔwɔ sue si ƒe nɔnɔme le abe ayi ene eye eƒe kpekpeme anɔ abe gram 0.75 ene, eye wòle sue wu wò asi kɔtoe tɔ nu, eye woate ŋu akpɔ nu to eme kloe.

Ne wodzi teti ko la, egena tsoa dadaa ƒe vidzidɔ me yia eƒe fu me. Emegbe ezãa eƒe asi sue siwo nu fetsu le la tsɔ tia kpo sentimeta 15 gena ɖe kotoku si le dadaa ƒe aŋɔnu me. Etsɔa dada ƒe no ene siwo lolo ɣemaɣi la dometɔ ɖeka ƒona ɖe nu me le afima. To no nono sia me la, ekpɔa nunyiame ɖesiaɖe si wòhiã la, eye wòyia edzi nɔa amedzikpɔƒe nyui sia ɣleti atɔ̃ hafi doa eƒe ta ɖe gota zi gbãtɔ.

Le ɣleti abe ade ene megbe la, kangaroo vi la ɖia tsa yia xexe zi gbãtɔ, gake zi geɖe la egatrɔna vaa eƒe kotoku me hena nu ɖuɖu kple takpɔkpɔ. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, dadaa tsoa nya me be ye via lolo akpa na kotokua eye megaɖea mɔ nɛ kura be wòage ɖe eme o. Ne exɔ ɣleti 18 la, enɔa eɖokui si bliboe dada manɔmee.

Nu wɔnuku bubue nye be kangaroo vinɔ la ƒe no te ŋu toa notsi ƒomevi vovovo eve le ɣeyiɣi ma ke me. Le eƒe vi gbãtɔa dzidzi vɔ megbe teti ko la, egafɔa fu ɖe eyome. Fu yeye si wòfɔ la nɔa anyi vaseɖe esime eƒe vi gbãtɔa dze dodo le kotokua me gɔme be yeaɖi tsa vie. Emegbe edzia eyometɔ wònɔa sue nenema ke, eye eya hã noa no siwo le kotokua me la dometɔ ɖeka.

Gake eƒe vi gbãtɔa yia edzi noa eƒe no xoxoa. Nusi gawɔ dɔ ɖe ame dzi wue nye be eƒe vi yeye si le abe ʋukɔe ene la hiã notsi bubu kura. Gake esia menye kuxi o, elabena dada ƒe no si nom wòle la te ŋu toa notsi si me sukli geɖe le nɛ, eye dada yia edzi naa no si me nunyiame kple ami geɖe le la via tsitsitɔa tso no xoxoa me!

Togbɔ be womenye lã wɔadãwo o hã la, ɣeaɖewoɣi la woƒe atsutɔwo wɔa nusi dzena abe kɔ dam wole ene. Zi geɖe la, atsu vi eveawo koe doa woƒe ŋusẽ kpɔna nenema. Gake ɣebubuɣiwo hã la, atsu tsitsi eve daa kɔ​—wodaa kɔ wo nɔewo ŋutɔŋutɔ le nyɔnu si ʋlim wole ta! Kɔdada siawo nu ate ŋu asẽ ŋutɔ, elabena nyɔnu ʋlila siawo ƒoa fe ɖe wo nɔewo hetsɔa woƒe megbefɔwo tua wo nɔewo vevie ŋutɔ.

Koala Dzidzɔdonamela La ​—Lã Wɔnuku Bubu si Kɔa Via ɖe Aŋɔnu

Abe alesi kangaroo xɔ ŋkɔ eye woɖea fotoe ɖe tsaɖilawo ƒe agbalẽ me zi geɖe ene la, nenema kloe koala si dze ani wu le lã siwo kɔa wo viwo ɖe aŋɔnu dome hã xɔ ŋkɔe. Atiwo me koŋ ye lã sue sia nɔna eye zã me koŋ ye wòɖia tsa. Wobunɛ zi geɖe vodadatɔe be enye sisiblisi le eƒe dzedzeme ta, eye le ema ta woyɔnɛ vodadatɔe ɣeaɖewoɣi be koala sisiblisi. Gake medo ƒome kple sisiblisiƒomewo le mɔ aɖeke nu o, eye menye opposum alo kese ƒomevi aɖeke o. Eto vovo sã. Ẽ, koala ƒe ha ɖeka koe li eye Australia ƒe ɣedzeƒeduwo me koe wole.

Koala si ŋu ŋutete geɖe le eye eƒe ŋutigbalẽ bɔbɔ belibeli, eye eƒe ŋkuwo ɖi awunugbui siwo le dzo dam, eye eƒe ŋɔti bɔbɔ abe aŋe ene hewɔa nu ɣesiaɣi kloe abe ɖe wòtɔtɔ ene la te ŋu wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Esi womenye lã lolowo o ta la, wotsina kɔkɔna abe sentimeta 60 ko ene eye woƒe kpekpeme dea kilogram 8 vaseɖe 14.

Wodzia koala abe lã siwo kɔa wo viwo ɖe aŋɔnu ƒe akpa gãtɔ bubuwo ene, negbe eƒe agɔnu gbɔ koe kotoku si me wòkɔa via ɖo la le. Koala vidzĩ la nɔa kotoku la me ɣleti ade eye ne edo go mlɔeba la, ekuna ɖe dadaa ƒe dzime esime wòle ati siwo dzi aŋgba viviwo le la dim vevie.

Woƒe Dɔgbo Wɔnuku si Tua Nuɖuɖu

Koala ɖɔa ŋu ɖo le nuɖuɖu me. Aŋeti ƒe aŋgbawo koe woɖuna. Eye menye ati ɖesiaɖe ƒe aŋgba koe woɖuna o. Aŋetiwo ƒe ha vovovo 600 dometɔ 50 alo 60 koe lã siawo ɖuna. Ne lã bubuwo ɖu aŋgba siawo la, woaku godoo le ami kple aɖitsi siwo le aŋgba siwo nye aɖi me ta. Koala ƒe dɔgbo wɔnuku la kpena ɖe wo ŋu wotua woƒe nuɖuɖu vevi la, gake nuɖuɖu tɔxɛ sia nana wo ŋu ʋẽna ŋutɔ!

Lã siawo ŋuti nunyala aɖewo gblɔna be koala menoa tsi kura o, eye wogblɔna be nya “koala” nye nya si ame gbãtɔ siwo nɔ nutoa me to vɛ si gɔmee nye “Nyemenoa tsi o.” Gake numekuku tsitotsito si wowɔ la ɖee fia be koala ɖina tsoa woƒe atiwo dzi va noa tsi, eye ɣeaɖewoɣi kura gɔ̃ hã la, woɖua ke vi aɖe be woatsɔ adzi woƒe nuɖuɖu si me amenyinu vi aɖe ko le ɖe edzi.

Togbɔ be woate ŋu akpɔ kangaroo le lãwo kpɔƒe geɖe le xexeame katã hã la, lãwo kpɔƒe ʋee aɖewo koe koala le le Australia godo. Gake mɔnukpɔkpɔ ɖasu wò ŋutɔ asiwò kpɔ nèkpɔ wo alo mesu asiwò o, míeka ɖe edzi be àlɔ̃ ɖe edzi be wonye lã wɔnukuwo​—lã siwo ŋu kotoku le eye wometoa amenɔ o.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

“Kangaroo” vinɔ la kɔ via ɖe eƒe aŋɔnukotoku me

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

“Koala”le aŋetiŋgba ɖum

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Melbourne Zoo Education Service, Victoria, Australia

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe