INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 11/8 axa 19
  • Tsi si Wua Ame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsi si Wua Ame
  • Nyɔ!—1992
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Xexeame Tsiwo Le Vɔvɔma?
    Nyɔ!—2001
  • Afikae Tsiawo Katã Yi?
    Nyɔ!—2001
  • Tsi Si Gbagba Be Wòana Agbe Mavɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nu Kae Biblia Gblɔ Tso Ale Si Tsi Nyui Le Vevem Le Xexea Me Godoo La Ŋu?
    Nyati Bubuwo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 11/8 axa 19

Tsi si Wua Ame

NUMEKULA siwo tso Mayor de San Marcos ƒe Dukɔa ƒe Yunivɛsiti le Peru do tsi siwo tsoa dziɖuɖua ƒe pɔmpi kple amenɔƒe siwo le Limadua me dometɔ 30 kpɔ. Le Visión si nye Latin-America ƒe magazine ƒe nya nu la, tsiawo dometɔ 29 nye esiwo me dɔlélekutsetsewo kple mĩ yɔ fũ ŋutɔ. Tsiawo dometɔ ɖeka koe nyo na nono.

Perutɔwo ƒe Lãmesẽdzikpɔdɔwɔƒe ƒo nya ta be tsi siwo Limatɔwo nona dometɔ 50 le alafa me ate ŋu ana woalé “ʋunyenyẽdɔ, asrãdɔ, aklãdɔ, mĩŋɔŋɔdɔ, kple dɔgbomedɔ bubuwo.” Dɔléle si gblẽa nu vevie enye mĩŋɔŋɔdɔ si va le Peru, eye wòlé ame abe 150,000 ene eye wòwu ame 1,100 le ƒe 1991 ƒe January vaseɖe April ko me.

Kuxia gbɔkpɔnu si wokafu le xexeame katãe nye be woaɖa tsia nyuie atsɔ awu dɔlélekutsetse siwo le eme lae. Gake esia wɔwɔ mele bɔbɔe ɣesiaɣi o. Visión de dzesii be le ƒome geɖe gome la, enye “nusi abia ga geɖe tso wo si be woaɖa tsi aɖabaƒoƒo ewo elabena kerozin galɔn ɖeka ƒe asi wua dɔlar ɖeka,” esi nye kwasiɖa ɖeka ƒe fetu si woɖuna le mamã dedie nu ƒe home gã aɖe.

Menye dukɔ dahewo me koe tsinono si me dɔlélewo le nye kuxi le o. Le kpɔɖeŋu me, le The New York Times ƒe nya nu, le United States la, “wobu akɔnta be ƒe sia ƒe la, ɖevi 250,000 noa tsumĩ gbogbo aɖewo siwo le tsinono me si ate ŋu agblẽ nu le woƒe susu kple woƒe tsitsi ŋu.” Eye le Europa la, wova le dzi tsim ɖe tɔsisi siwo wole ɖi ƒomee la ŋu vevie. Magazine si nye New Scientist ka nya ta be “Europa ƒe tsinono geɖe tsoa tɔʋuwo me, esiwo me wokɔa atiketsi kple ganu siwo ƒoa ɖi wo la ɖo.”

Biblia yɔ Yehowa le Nyaɖeɖefia 14:7 be enye ‘Amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kpakple tsidzidziwo.’ Ŋusẽ le esi hã be wòatrɔ tsi veve kple esiwo woƒo ɖii la be woazu tsi vivi kple tsi si me dza.(Mose II, 15:22-25; Fiawo II, 2:19-22) Awɔ esia le xexeame katã ne etsrɔ̃ amesiwo le anyigba la gblẽm fifia vɔ megbe.​—Nyaɖeɖefia 11:⁠18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe