INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 12/8 axa 24-26
  • Alesi Medi Xexeme si Nyo Wui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Medi Xexeme si Nyo Wui
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nye Taɖodzinu​—Matsɔ Tu Awu Amee
  • Mawusubɔsubɔ ƒe Agbenɔnɔ​—Nusiwo Mekpɔ Mɔ na Kple Alesi Nuwo Nɔ Ŋutɔŋutɔ
  • Nye Dunyahehe
  • Nye Ŋutɔ Nye Agbenɔnɔ​—Enye Dziɖeleameƒo Gãtɔ Kekeake
  • Tɔtrɔ Ðedzesi Aɖe
  • Kristotɔwo ƒe Amenyenye Yeye Xɔ ɖe Ʋunyaʋunyawɔwɔ Teƒe
  • Alesi Woɖi Kɔ na Nye Gbɔgbɔmetsikɔwuamee
    Nyɔ!—2003
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 12/8 axa 24-26

Alesi Medi Xexeme si Nyo Wui

Abe alesi amesi nye Katolikotɔ saɖagaxɔmenɔla tsã gblɔe ene

XEXEME si nyo wu​—ɖe ema ate ŋu ava? Le nyateƒe me la, xexe si me fuléle, nuvlowɔwɔ,ɖokuitɔdidi, zãnuxɔxɔ, madzɔmadzɔnyenye, kple fukpekpe yɔ fũ menye xexe si ƒe tame Mawu ɖo esime wòwɔe o. Ele be xexeme si nyo wu la nava. Ne ate ŋu ava la, ekema enye nye tameɖoɖo kplikpaa be makpe asi ɖe ehehe vɛ ŋu.

Wodzim le Corrientes ƒe nuto si le Argentina, afisi Ðetugbi Nɔaƒe ltatí subɔsubɔ xɔ aƒe ɖo la me eye afimae metsi le. Ameawo nye Katolikotɔwo, wodoa vevie mawusubɔsubɔ ŋutɔ, eye wozɔa mɔ zi geɖe ƒe sia ƒe yi ɖasubɔa ɖetugbi ma. Nye hã menɔa wo dome yina. Enye nye didi tso ɖevime ke be manya Mawu sia si ŋu wogblɔ nya geɖe le la, gake fofonye xea mɔ nam be magayi mawunyasrɔ̃ƒe o. Emegbe esi menɔ nye ƒewuiwo me la, le fofonye ƒe ha baɖawo dede ta Ia, ezu ahanomunɔtɔ. Mía dometɔ ɖesiaɖe kpe fu le esia ta, gake vevietɔ danye, amesi wòdzuna heƒona vevie wu. Le ema ta la, ŋutsuwo ƒe nu vea dɔme nam eye mebua ŋutsuwo katã be wonye ame vɔ̃ɖiwo kple nu tovo wɔlawo.

Nye Taɖodzinu​—Matsɔ Tu Awu Amee

Gake nye sukudede na meva de ŋgɔ. Mesrɔ̃ nu kple dzonɔameme kple kutrikuku, eye mexɔ awutɔtɔ kple asitsadɔwɔnawo ƒe ɖaseɖigbalẽwo eye emegbe medo le suku kɔkɔ hexɔ nufiafia ƒe ɖaseɖigbalẽ kɔkɔtɔ kekeake. Azɔ nye taɖodzinu siwo yome tim menɔ vevie la de asi eme vava me: dzesideŋkɔ kple ɖaseɖigbalẽ siwo aɖem tso fofonye ƒe kɔkuti te la xɔxɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, mewɔ ɖoɖowo be mawɔ dɔ vevie bene mate ŋu ana nɔnɔme si me danye le la nanyo wu eye​—maƒle tu atsɔ awu fofonyee!

Gake esia mehe dzidzɔ vɛ nam, kaka wòahayi ŋutifafa kple dzidzeme na gem o. Ke boŋ mese le ɖokuinye me abe lã si wode kpɔ me ene. Esi mexɔ ƒe 20 la, mekpɔ be meɖo nɔnɔme sesẽ aɖe si ŋu gododo mele o me.

Mawusubɔsubɔ ƒe Agbenɔnɔ​—Nusiwo Mekpɔ Mɔ na Kple Alesi Nuwo Nɔ Ŋutɔŋutɔ

Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, meva nɔ ha dem kple saɖagaxɔmenɔlawo kple Kɔmiunistɔwo. Ha eveawo dze agbagba be yewoatsɔ yewoƒe susuwo azi dzinye. Gake susu si nye be makpe ɖe ame dahe siwo le anyigba didiwo dzi abe Afrika kple Asia ene, na metso nya me be manɔ saɖagaxɔ me.

Menɔ saɖagaxɔ me ƒe 14 sɔŋ. Mekpɔ akɔfafa, dzidzeme, kple ŋutifafa le nye saɖagaxɔa me nɔnɔ me. Esime meva nɔ ha dem kple nunɔla siwo ƒe susu ku ɖe dukɔ siwo le ŋgɔ yim ŋu ye meva kpɔ vovototo si le xexe si me mí saɖagaxɔmenɔlawo míele kple esi me ameƒomea me tɔ mamleawo hã le dze sii​—esi nye xexe si me vevesese kple madzɔmadzɔnyenye le, afisi amewo kpe fu le amegãwo kple ame sesẽwo ƒe kɔkuti si tea ame ɖe anyi la te.

Le nye mawusubɔsubɔhabɔbɔ, si nye Theresian Carmelite ƒe Mawunyadɔgbedeawo me la, wogblɔa nya geɖe tso dzɔdzɔenyenye ŋu, gake nye amegãwo ŋe aɖaba ƒu edzi keŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔ kple ame bubuwo me. Fetu si woxena na nufialawo mede esi dziɖuɖua ɖo la nu kura o, eye kpekpeɖeŋu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu na woa kple woƒe ƒomewo o, eye woate ŋu anyã wo esi womena nyanya wo do ŋgɔ hafi o eye womaxe teƒeɖoɖoga aɖeke hã na wo o. Kpekpeɖeŋu si woana wo le aƒeme ya gblẽ kura wu; le dɔ wɔwɔ le sukua gaƒoƒo 10 vaseɖe I2 vɔ megbe la, egahiã be woaɖadi dɔ bubu awɔ ale be woayi edzi anɔ agbe ahakpɔ woƒe ƒomewo dzi. Medi be maɖɔ nɔnɔme manyomanyo sia ɖo.

Esi megblɔe na mía nunɔla si nye nyɔnu Ia, egblɔ nam be nusi hiã be mawɔ be manye dunyahela zazɛ̃nyahela koe nye be tu si dana trina ɖe enu nanɔ asinye! Mebui le ɣemaɣi me be manye, dunyahela zazɛ̃nyahela boŋ tsɔ wu be manye ŋutasẽla abe woawo ene. Eyata metso nya me be mabia be woaɖem tso ɖetugbinɔaƒenyenye, ahedada, kple toɖoɖo ƒe adzɔgbe siwo meɖe be mawɔ wo dzi ɣesiaɣi la me. Medi be makpe ɖe sɔlemeha la ŋu le mɔ si de ŋgɔ wu nu.Wolɔ̃ ɖe asi le ŋunye enumake.

Nye Dunyahehe

Azɔ meva kpɔ alesi ŋutilãmenuwo ƒe amesimanɔmanɔ le ŋutɔŋutɔ dze sii. Zi geɖe la, ne ɖe menye amesiwo dome menɔ ƒe dɔmenyonyo tae o la, anye ne nyemakpɔ naneke kura aɖu o. Zi gbãtɔ la, meva kpɔ alesi agbenɔnɔ le na ame tsɛwo dze sii. Mewɔ dɔ sesĩe kpe ɖe sɔlemeha si le míaƒe nutoa me ŋu le go ɖesiaɖe me​—le mawusubɔsubɔ, hadomegbenɔnɔ, kple dunyahehe me. Esi menɔ nu fiam ame tsitsiwo la, mɔnukpɔkpɔ geɖe su asinye be meƒo nu na wo tso nɔnɔme manyomanyo siwo amewo hena vaa wo dzii, nusiwo gbɔ wotsona, kple nusiwo woatsɔ akpɔ wo gbɔe, la ŋu. Woawoe nye kawo? Gbã la, woadze agbagba akpɔ wo gbɔ le ŋutifafa kple tsitretsiɖeŋumɔ nu; eye emegbe ne ehiã la, woawɔ ʋunyaʋunya ŋudɔ be woatsɔ aɖo taɖodzinu ma si dim wole, si nye dzɔdzɔenyenye gbɔ.

Mawusubɔsubɔ kple dunyahehabɔbɔ si me menɔ, si Katoliko-nunɔlawo ɖo eye hameviwo nɔ megbe nɛ la, trɔ eƒe susu ɖe Afrika, Asia, kple Latin Amerika ƒe nuto siwo mede ŋgɔ o la koŋ ŋu. Eʋlia tɔtrɔ kpata siwo ava enumake le hadomegbenɔnɔ kple ganyawo me to dziɖuɖu mumu aƒu anyi me la ta, eye wògbea gãɖuɖu ɖe ame dzi le ganyawo, dunyahenyawo, kple dekɔnunyawo me ƒomevi ɖesiaɖe. Eƒe taɖodzinue nye be yeaɖo Latin Amerika ƒe hadomedziɖuɖu si ado hombre nuevo (ame yeye) wɔwɔ ɖe ŋgɔ la anyi, eye dukɔ bubuwo ƒe dunyaheɖoɖowo ƒe agba siwo woɖo ame dzi makpɔ ŋusẽ ɖe edzi o.

Míetsɔ mía ɖokui ke be míalé ŋku ɖe ame dahewo ƒe nɔnɔmewo ŋu geɖe wu, eye míakpɔ nɔnɔme si me wole le agbe me la adze sii. Esi taɖodzinu siawo le susu me nam ta la, medze agbagba vevie be makpe ɖe amesiame ŋu​—ɖeviwo kple ame tsitsiwo, sɔhɛwo kple tsitsiawo.

Nye Ŋutɔ Nye Agbenɔnɔ​—Enye Dziɖeleameƒo Gãtɔ Kekeake

Le nye agbagbadzedze be mana ame dahewo ƒe nɔnɔmewo naka ɖe eme me la, meŋlɔ be be nye dzi ate ŋu aflum. Mía kple nye amegã si nye nunɔla si gbɔ menɔ ƒe eve míenɔ ahiã wɔm. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mefɔ fu. Esi nunɔla la kpɔ be mefɔ fu la, edi be maɖee eye megbe, elabena ema anye amewuwu. Be mate ŋu adzi via la, eva hiã be madzudzɔ dɔ si mewɔna le nunɔla la gbɔ ahadzo le dua me elabena menɔ vɔvɔ̃m be woava nya be eƒe ahiãvie menye.

Metsɔ nuxaxa geɖe dzo le dua me eye meɖoe be mawu ɖokuinye to ɖokuinye tsɔtsɔ aƒu anyi ɖe keteke ŋgɔ me, gake nane ɖo asi dzinye. Medo dzi. Xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, kple dɔmenyotɔ bubu siwo Ie mía de la lɔ̃m, wose veve ɖe nunye eye wose nu gɔme nam​—nusiwo ŋutsu si mebe melɔ̃ la mewɔ nam kpɔ o. Esi medzi ɖevia la, amesiawoe kpɔ mía dzi. Medi be vinyeŋutsuvia natsi azu ame sesẽ wɔkalẽ aɖe, awɔ ɖe nusiwo dzi wòka ɖo la dzi eye wòalɔ̃ faa aku ɖe eƒe susuwo ta. Be matsɔ aɖo kpe didi sia dzii la, metsɔ ŋkɔ evelia si nye Ernesto nɛ be matsɔ anɔ ŋku ɖom Ernesto Che Guevara (si nye Argentina-ʋawɔla xɔŋkɔ) , si ƒe nu dzɔa dzi nam vevie la dzii.

Esi asrafowo mu Argentina-dziɖuɖua ƒu anyi la, wova nɔ dunyahela zazɛ̃nyahelawo ƒe ƒuƒoƒowo yome tim. Wolé nye zɔhɛ geɖewo. Encapuchados (amesiwo tsyɔa nu mo) va dze nye aƒe dzi zi geɖe, woka nusianu me eye wofi nye nunɔamesiwo katã kloe. Woyɔm yi dziɖuɖumegãwo ŋkume zi geɖe be magblɔ afisi nye zɔhɛwo si yi la na yewo, gake meyi edzi wɔ nuteƒe na wo, eye melɔ̃ be woawum tsɔ wu be made wo asi.

Tɔtrɔ Ðedzesi Aɖe

Esi meɖo xaxa me alea la, mehiã ame aɖe si maƒo nu kplii, amesi dzi mate ŋu aka ɖo ahaɖo ŋu ɖe eŋu abe xɔlɔ̃ vavã ene. Ɣemaɣi mee Yehowa Ðasefo eve va ƒo ʋɔ nam, eye metsɔ dzidzɔ xɔ woe esi mekpɔ woƒe dziɖeɖi kple xɔlɔ̃wɔwɔ si wɔ dɔ ɖe dzinye. Medi be woagava ava srɔ̃ Biblia kplim. Esi wotrɔ va la, meɖe nɔnɔme sesẽ si me meɖo la me na wo eye megblɔ na wo kɔte be nyemedi be woage ɖe nya me abe amesiwo le kpekpem ɖe ŋunye ene o. Wona kakaɖedzim be yewomele vɔvɔ̃m o, elabena ŋusẽtɔwo nya amesiwo yewonye.

Le gɔmedzedzea me la, míaƒe Biblia nusɔsrɔ̃a menɔ afɔ tsɔm o. Esi nye Mawu dzixɔse kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu dzi ɖe kpɔtɔ ta la, nufiafia siwo le Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Nyateƒe, si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee dzi xɔxɔ ase sesẽ nam ŋutɔ. Medzudzɔ nusɔsrɔ̃a kloe, elabena meva nɔ ebum be glitotoe Biblia la nye eye be nyateƒee Karl Marx to esi wògblɔ be mawusubɔsubɔ nye “aɖi si wua amewo.” Esi meɖe nye seselelãmewo gblɔ na Ðasefoawo hegblɔ na wo be womega gblẽ ɣeyiɣi aɖeke ɖe ŋunye azɔ o la, woɖo eŋu be yewomebui be enye ɣeyiɣi gbegblẽ be yewoakpe ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu o.

Nu bubu kura wɔ dɔ ɖe dzinye esime wokpem va Fiaɖuƒe Akpata mee. Kpekpe siwo me dzeɖoɖo kple ame nɔewo, bubudede ame nɔewo ŋu, kple xɔlɔ̃wɔwɔ mele kura o la ti kɔ nam. Gake Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo ya to vovo. Biblia dzie wotu wo ɖo eye wotua ame ƒe xɔse ɖo, eye woʋãa mí be míalɔ̃ mia nɔewo ahalɔ̃ míaƒe futɔwo kura gɔ̃ hã.

Kristotɔwo ƒe Amenyenye Yeye Xɔ ɖe Ʋunyaʋunyawɔwɔ Teƒe

Mlɔeba meke ɖe mɔ si dzi woato ana xexeame nanyo wu la ŋu. Le ƒe 1982 ƒe June 8 lia dzi la, metsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzii, eye wòva nye nye didi wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe be maɖe amenyenye xoxo, si nye dunyahehe me ʋunyaʋunyawɔwɔ ƒe hombre nuevo la ɖa, eye mado amenyenye yeye si ƒe kutsetse nyuiwo woɖɔ le Galatiatɔwo 5:​22, 23 me. Fifia mele aʋa ƒomevi bubu wɔm, esi nye Kristotɔwo ƒe aʋawɔwɔ, eye mele Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ƒe gbeƒã ɖem eye metsɔ ɖokuinye ke be mafia Fiaɖuƒe si ahe xexeme si nyo wu vɛ ŋuti nyateƒea ame bubuwo.

Yayra ka gbegbee nye si wònye be mete ŋu fia nu vinyeŋutsuvi suea be le esi teƒe be wòatsi asrɔ̃ Ernesto Che Guevara la, ate ŋu adze Kristo Yesu, mía Kplɔla kple Kpɔɖeŋuɖola la ƒe afɔɖoƒewo yome! Enye nye gbedodoɖa be mía kple vinyeŋutsuvia kpakple dzɔdzɔenyenye lɔ̃lawo katã, nye zɔhɛ tsãtɔwo kple nye ƒometɔwo míage ɖe xexe mavɔ si nyo wu, si nye paradisonyigba si me aseyetsotso, ŋutifafa, dzidzɔkpɔkpɔ, kple dzɔdzɔenyenye yɔ taŋ la me. Ʋunyaʋunyawɔwɔ meɖea vi na ame aɖeke o; fuléIe, mamãwo, dziɖeleameƒowo, kple xaxa siwo nu metsina o koe wòdzina ɖe edzi. Nye ŋutɔ nye nuteƒekpɔkpɔ gblɔm mele, elabena menɔ agbe ma kpɔ.​—Eugenia María Monzón ye gblɔe.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Meɖea gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme le Argentina

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe