Ðevimeƒe Gbãtɔwo—Àŋe Nusi Nèƒã Fifia la Emegbe
VIDZĨ ƒe susu le abe akutsa siwo noa tsi si ƒo xlã wo ene. Le ƒe eve megbe la, wosrɔ̃a gbegbɔgblɔ sesẽ to esese ko me. Ne wodoa gbe eve le ɖevia gbɔ la, asrɔ̃ wo ame evea katã. Menye gbegbɔgblɔ ɖeɖekoe wòsrɔ̃na o, ke boŋ hadzidzi kple aɖaŋuwɔwɔ ƒe ŋutetewo, lãmesẽdɔwɔwɔ, agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo kple dzitsinya, xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple tadedeagu ƒe didi vevie—wo katã wotsoa ŋutete kple nunana siwo wowɔ ɖe vidzĩa ƒe susu me do ŋgɔ la gbɔ. Nusiwo woaxɔ tso afisi wole hena woƒe tsitsi koe wolalana. Hekpe ɖe eŋu la, ɣeyiɣi ɖoɖi nyui aɖe le nusiawo ƒe vava ŋu bene wòatse ku nyuiwo, eye ɣeyiɣi ɖevi mae nye woƒe ɖevimeƒe gbãtɔwo.
Ƒe veviawo dzea egɔme le ɖevia dziɣi. Woyɔnɛ be ɖevi kple dadaa dome ƒomedodo kplikplikpli. Vidada la kpɔa vidzĩa ŋkume lɔlɔ̃tɔe, tsɔa gbe vivi ƒoa nu nɛ, eye wòtsɔa asi dana ɖe edzi hekplaa asi kɔ nɛ. Vidada ƒe seselelãmewo nyɔna ne vidzĩa kpɔ eŋkume dũ hese le eɖokui me be yele dedie. Ne wodze nonana vidzĩa gɔme le ɣeyiɣi sia me la, aɖe vi na wo ame evea siaa ŋutɔ. Vidzĩa ƒe nonono nana dadaa ƒe notsi tona. Asikaka vidzĩa ŋu nana ʋumenugbagbevi siwo ɖea ʋu ƒe dodo le dadaa ŋu le via dzidzi vɔ megbe dzi kpɔtɔna la dona. Ŋutilãmenu vevi siwo kpɔa vidzĩa ta tso dɔlélewo si me la le vidadaa ƒe notsi me. Vidadaa kple via dome ƒomedodo dzea egɔme le ɣemaɣi. Enye vidada kple via dome ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le ƒe gɔmedzedze. Gake gɔmedzedze koe nye sia.
Ame eve dome ƒomedodoa va zua ame etɔ̃ dome ƒomedodo ne vifofoa hã va kpe ɖe wo ŋu, abe alesi wòhiã kokoko be wòakpe ɖe wo ŋu ene. Ðk. T. Berry Brazelton gblɔ be: “Ðevi ɖesiaɖe hiã . . . fofo eye vifofo ɖesiaɖe ate ŋu awɔ nusi hiã. . . . Vidadawo ɖea tufafa kple ɖokuidziɖuɖu fiaa wo vi vidzĩwo. Gake vifofowo ya fena wu, wodoa konukonui na wo vi vidzĩwo hekaa asi wo ŋu wu alesi vidadawo wɔnɛ.” Vidzĩwo tsɔa dzidzɔvifafa kple dzidzɔɣli wɔa nu ɖe wo léle alea ŋui, eye wokpɔa dzidzɔ hedina be woagawɔ geɖe na yewo. Ƒomedodo si dze egɔme tso edziɣi dzi yiyie wònye, esi nye ‘lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo si nɔa dzilawo kple ɖevia dome si vana le dzɔdzɔme nu wu alo menɔa anyi le vidzĩa ƒe agbenɔnɔ ƒe ɣleti wuienyi gbãtɔwo me o,’ aleae Ðk. Magid, si nɔ eme woŋlɔ agbalẽ si nye High Risk: Children Without a Conscience la gblɔ. Egblɔ be ne meli o la, ɖevi mawo atsi azu amesiwo medoa ka kple ame aɖeke o eye amelɔlɔ̃ ƒe ŋutete manɔ wo si o.
Vidada Kple Vifofo Siaa Kɔa Ðevia
Eyata aleke gbegbe wòhele vevie enye si be vidada kple vifofo siaa nawɔ nu aduadu atsɔ atu lɔlɔ̃ ƒe ƒomedodo sia si nye vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ si nɔa dzilawo kple wo via dome le woƒe ƒe gbãtɔwo me do ŋgɔ na woƒe abɔdzokpo gɔme dzedze la ɖo! Ele be dzila evea siaa nanɔ ɖevia kɔm ahanɔ nu gbugbɔm nɛ. Ẽ, vifofowo hã! Men’s Health si nye June 1992 tɔ la gblɔ be: “Alesi dzilawo nakpla asi kɔ na ɖevi ahaɖe lɔlɔ̃ afiae la ɖea alesi ɖevia ava kpɔ dzidzedze le eƒe xɔlɔ̃wɔwɔ, srɔ̃ɖeɖe kple dɔwɔnawo me la fiana kɔte, aleae ƒe 36 si wotsɔ ku nu mee heta ɖe Journal of Personality and Social Psychology me la gblɔ. Ðevi siwo dzilawo ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo dometɔ 70 le alafa ɖesiaɖe me kpɔ dzidzedze le hadomegbenɔnɔ me ne wotsɔe sɔ kple ɖevi siwo ade 30 le alafa ɖesiaɖe me ko siwo dzilawo meɖea lɔlɔ̃ fiaa wo o ; eye wokpɔ be vifofo ƒe ɖevia kɔkɔ le vevie abe vidada tɔ ene.”
Hekpe ɖe eŋu la, lée ɖe akɔ esi nènɔ anyi ɖe zikpui si te afɔtiwo le la dzi. Xlẽ nu nɛ esi wòse le eɖokui me be yele dedie le wò ata dzi. Ƒo nu nɛ eye nàɖo toe, fia nusi nye nyui kple vɔ̃ lae, eye kpɔ egbɔ be yeɖo kpɔɖeŋu nyuiwo nɛ, eye wò ŋutɔ nàwɔ gɔmeɖose siawo dzi. Eye ƒe si ɖevia xɔ la nenɔ susu me na wò ɣesiaɣi. Na wòanɔ bɔbɔe, wòavivi ame nu eye wòanye fefe.
Dzɔdzɔmedidi vevie le viwòa me be yeanya nu, eye yeasrɔ̃ nu tso nusiwo katã ƒo xlã ye la ŋu. Be ɖevia nakpɔ eƒe didi vevie sia be yeanya nu gbɔ la, anɔ nya geɖe biabia wò dzi. Nukae nana ya ƒona? Nukatae yame ƒe amadede nye blɔɔ? Nukatae ne ɣe ɖo to wòbiãna hẽ? Ðo wo ŋu nɛ. Wo ŋu ɖoɖo mele bɔbɔe ɣesiaɣi o. Biabia siawo nye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàkpɔ ŋusẽ ɖe viwòa ƒe susu dzi, nàna wòasrɔ̃ nu, eye ɖewohĩ naƒã ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe Mawu kple eƒe nuwɔwɔwo ŋu ɖe eme. Nudzodzoe si woyɔna be ʋui si le zɔzɔm le aŋgba ŋu ye lé dzi nɛa? Alo seƒoƒo sue aɖe ƒe atsyɔ̃ yea? Alo ayiyi ƒe ɖɔ lɔlɔ̃ yea? Alo ke me kuku koea? Eye mègaŋe aɖaba ƒu ŋutinya bɔbɔewo tsɔtsɔ afia nu woe dzi o; Yesu hã tsɔ eƒe lododowo fia nui. Enana dzidzɔ nɔa nusɔsrɔ̃a me.
Zi geɖe la, ehiãna be dzila eveawo nawɔ ŋutilãmedɔ be woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo. Ðe woate ŋu adze agbagba vevie azã fiẽsi kple kwasiɖanuwuwu ƒe gaƒoƒowo ɖe wo viwo ŋua? Anya wɔ be vidada nawɔ ŋkeke afã ƒe dɔ be wòakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe viawo ŋua? Ƒome geɖewo li egbea siwo me dzila ɖeka ko le, eye ehiã be woawɔ dɔ be woakpɔ wo ɖokui kple wo viwo dzi. Ðe woate ŋu ado vevie nu azã fiẽsigaƒoƒo geɖe kple kwasiɖanuwuwu alesi woate ŋui ɖe wo viwo ŋua? Zi geɖe la, ehiãna be vidadawo nadzo le wo viwo gbɔ. Eye ne susu siwo ta woadzo le wo viwo gbɔ nyo gɔ̃ hã la, ɖevi sue la mase esia gɔme o eye wòawɔ nɛ be wogblẽ ye ɖi. Eyata ele be nàdze agbagba vevie aƒle ɣeyiɣia ɖe viwòa ŋu.
Azɔ nuka tututue nye “ɣeyiɣi si su” si ŋu míesea nu tsoe? Ðewohĩ dzila siwo ŋu vovo mele o azã aɖabaƒoƒo 15 alo 20 gbesiagbe ɖe wo via ŋu, ɖewohĩ gaƒoƒo ɖeka le kwasiɖanuwuwu, eye woagblɔ be enye ɣeyiɣi si su. Ðe esia su na ɖevia ƒe nuhiahiãa? Alo tameɖoɖo si le eŋue nye be wòana dzila ƒe dzitsinya navoa? Alo be wòana vidada si wɔa ŋutilãmedɔwɔɖui be yeatsɔ akpɔ dzidzemee ƒe tome nafa evɔ wògblẽa via ya ɖi etɔ gbɔ makpɔmakpɔea? Gake àgblɔ be, ‘Le anukwareɖiɖi me la, vovo mele ŋunye kura o eye vovo ma ƒomevi mele ŋunye o.’ Ema ɖe fu eye wòwɔ nublanui ŋutɔ na mia kple viwòa elabena mɔ kpui toto aɖeke mele eŋu o. Di ɣeyiɣi le woƒe ƒe gbãtɔwo me, ne menye nenema o la, ƒomedodo kplikplikpli manɔ mia kpli wo dome le woƒe ƒewuiwo me o.
Menye ɖekoe nu ate ŋu agblẽ le ɖevi si wogblẽna ɖe ɖeviwo dzi kpɔƒe ŋu ko o, ke egblẽa nu le dzilawo hã ŋu ne wo via ƒe wo gbɔ nɔnɔ ƒe ɣeyiɣia va yi esi wòle tsitsim. Ðevia mesea nusiwo tae wogblẽa eya ɖeɖe ɖi gɔme o; awɔ nɛ be woŋe aɖaba ƒu ye dzi, wogbe ye, wogblẽ ye ɖi eye womelɔ̃ ye o. Kaka wòaɖo eƒe ƒewuiwo me la, ɖewohĩ atu ƒomedodo ɖo kple ehatiwo be wòatsɔ aɖo edzilawo ƒe vovo makpɔmakpɔ ɖe eŋu la teƒee. Ðewohĩ ɖevia adze agbe eve nɔnɔ gɔme gɔ̃ hã, wòatsɔ ɖeka afa akɔe na edzilawo eye wòatsɔ evelia awɔ nusi nyo eya ŋutɔ ŋu. Nya siwo woagblɔ, nusiwo me woaɖe, kuku siwo woaɖe—nusiawo dometɔ aɖeke meɖea kadodo si megali o la ɖa o. Azɔ dzilawo ƒe nuƒoƒo tso lɔlɔ̃ ŋu megava nyea nu vavã na ɖevi si wogblẽ ɖi le ƒe siwo me wohiã edzilawo vevie wu la o. Lɔlɔ̃nyawo gbɔgblɔ aɖi alakpanya nɛ; abu nyawo nya dzodzroe. Abe xɔse ene la, ne dɔwɔwɔwo mekpe ɖe lɔlɔ̃ si wogblɔ be ele ye me ŋu o la, anye nu kuku.—Yakobo 2:26.
Nusi Míeƒã la Ŋeŋe Fifia Gɔ̃ Hã
Le tɔnye-ko-nenyo ƒe dzidzime sia me la, ɖokuitɔdidi le dzidzim ɖe edzi eye edzena kɔte vevietɔ le alesi míegblẽa mía viwo ɖi me. Míedzia wo eye míegblẽa wo ɖe ɖeviwo dzi kpɔƒewo. Ðeviwo dzi kpɔƒe aɖewo anyo na ɖeviwo, gake wo dometɔ geɖe menyo o, vevietɔ womenyo na ɖevi suewo o. Wokua nu gɔme kura gɔ̃ hã le teƒe mawo dometɔ aɖewo le ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ta. Numekula aɖe gblɔ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be le etsɔ me la, míado go kuxi siwo wɔnɛ be egbea dzena abe tikplɔ̃ɖoɖo ene.” Egbea ƒe “tikplɔ̃ɖoɖo” dzi ŋɔ gɔ̃ hã xoxo, abe alesi nyatakaka siwo Ðk. David Elkind gblɔ le ƒe 1992 me la ɖee fia ene:
“Ðeviwo kple sɔhɛwo ƒe lolo wu alesi dze la dzi ɖe edzi 50 le alafa ɖesiaɖe me le ƒe blaeve siwo va yi la me. Míaƒe ƒewuivi abe akpe ewo ene kuna ƒe sia ƒe le afɔku siwo atikewo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu hena vɛ me, eye amesiwo nuvevi wɔna eye wozua bunɔwo mele eme o. Ƒewuivi ene dometɔ ɖeka noa aha muna vlevlevle kwasiɖa eve ɖesiaɖe, eye míekpɔ be ƒewuivi ahanomunɔtɔ miliɔn evee li.
“Nyɔnuvi ƒewuivi siwo le Amerika miliɔn ɖeka fɔa fu ƒe sia ƒe, eye wònye xexlẽme si le Ɣetoɖoƒedukɔ si gogoe si nye England ƒe teƒe eve. Ƒewuiviwo ƒe wo ɖokui wuwu dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃ le ƒe 20 siwo va yi la me, eye ƒewuvi akpe atɔ̃ vaseɖe akpe ade wua wo ɖokui ƒe sia ƒe. Wobu akɔnta be nyɔnuvi ƒewuivi ene dometɔ ɖeka ɖea nu maɖumaɖu alo eɖuɖu fũ ƒe dzesi ɖeka ya teti fiana, zi geɖe la womelɔ̃na ɖua nu o. Ƒewuivi siwo xɔ tso ƒe 14 vaseɖe 19 la xɔ nɔƒe evelia le amewuwu me wu ame bubuwo.”
Tsɔ vidzĩ nɔdɔme miliɔn 50 kple vɔ siwo wowuna la kpe ɖe akɔntabubu tsodzikaƒoname siawo ŋu, eye àkpɔ be egbe ƒe “tikplɔ̃ɖoɖo” la to vovo tso nyaɖɔɖɔ la gbɔ. Esi ƒomewo ƒe gbagbã nɔ susu me na Psychology Today la, egblɔ be: “Hadomegbenɔnɔ ƒe tɔtrɔ kpata nye afɔku na ɖeviwo kple sɔhɛwo, amesiwo hiã kelili kple dedienɔnɔ hena tsitsi kple ŋgɔyiyi nyui.” Tɔnye-ko-nenyo ƒe ɖokuitɔdidi ŋuti nuŋlɔla aɖe do ɣli tsɔ tsi tre ɖe nɔnɔmea ŋu be: “Gake ame aɖeke mele lɔlɔ̃m be yeagblɔ na srɔ̃tɔwo be, Mikpɔ ɖa, minɔ mia nɔewo gbɔ. Ne viwo le mia si la, minɔ mia nɔewo gbɔ!”
Ðeviwo lɔlɔ̃ bia ɣeyiɣi. Ƒe geɖee nye sia si Robert Keeshan, si nye radiodzigbeƒãɖela na ɖeviwo si dzi woda ŋkɔ ɖo be “Captain Kangaroo” la xlɔ̃ nu ku ɖe wò vovo makpɔmakpɔ ɖe viwòwo ŋu me tsonuwo ŋu. Egblɔ be:
“Ðevi sue si tsɔ eƒe degblefetsu ƒo ɖe nu me, eye wòlé fefenu ɖe asi la tsɔ dzitsitsi le edzila ƒe gbɔgbɔ va aƒeme lalam. Edi be yeagblɔ aɖaka si me woku ke ɖo ŋuti nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖe. Edi vevie be yeagblɔ dzidzɔ si yekpɔ le ŋkekea me la nɛ. Ɣeyiɣia de, eye edzilaa gbɔ. Dzila si dɔwɔƒea ƒe nuteɖeamedziwo te ɖo la gblɔ na via zi geɖe be, ‘Yi ɖanɔ anyi gbɔ vinye. Vovo mele ŋunye o, yi ɖakpɔ television.’ Nya siwo wogblɔna zi geɖe le Amerikatɔwo ƒe aƒewo mee nye, ‘Vovo mele ŋunye o, yi ɖakpɔ television.’ Ne menye fifia o la, ke ɣekaɣie? ‘Emegbe.’ Gake ƒã hafi emegbe la vana . . .
“Ƒewo va nɔa yiyim eye ɖevia le tsitsim. Míetsɔa fefenuwo kple nudodowo nɛ. Míetsɔa awu siwo woɖo atsyɔ̃ na kple haƒomɔ̃ nɛ, gake míetsɔa nusi wòhiã vevie wu, si nye míaƒe ɣeyiɣi nɛ o. Exɔ ƒe wuiene eye eƒe ŋkuwo dzi le dɔ̃, anye atike vɔ̃ɖi aɖee wòno. ‘Vinye lɔlɔ̃tɔ, nukae le wɔwòm? Gblɔe nam, gblɔe nam.’ Etsi megbe akpa. Etsi megbe akpa. Mía nɔewo lɔ̃ɣi nu yi. . . .
“Ne míegblɔ na ɖevi be, ‘Yi ɖanɔ anyi gbɔ, emegbe nava’ ye nusia dzɔna. Ne míegblɔ be, ‘Yi ɖakpɔ television.’ Ne míegblɔ be, ‘Mègabia nya geɖe o.’ Ne míegbe nu ɖeka si nye míaƒe ɣeyiɣi si míaƒe sɔhɛwo bia tsɔtsɔ na wo. Ne míedo kpo ɖevi lɔlɔ̃. Menye ɖekematsɔlemetɔwoe míenye o. Vovo koe mele mía ŋu be míalɔ̃ ɖevi o.”
Ɣeyiɣi si Su Hiã
Menye nusi woyɔna be “ɣeyiɣi si su” si wotsɔ na vivivi ye nye nu nyuitɔ o; ke boŋ “ɣeyiɣi si su” si wotsɔ na faa ye, abe alesi Biblia la ɖee fia le Mose V, 6:6, 7 ene be: “Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” Enye ɣeyiɣi si nàzã atsɔ aƒã Mawu ƒe Nya la me dzidzenu vavãtɔ siwo le wò dzi me la ɖe viwòwo ƒe dzi me. Ne ènɔa agbe ɖe wo nu la, viwòa asrɔ̃ wò.
Èɖo ŋku lododo si me nyawo míeyɔ ɖe nyati si do ŋgɔ ƒe memamã evelia me dzia? Eya kee ganye esi: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖe le edzi o.” (Lododowo 22:6) Ne dzidzenu siwo amehehea ƒã ɖe eme zu eƒe tamebubu, si nye eƒe seselelãme ememetɔ ƒe akpa aɖe, kple amesi ƒomevi wònye le ememe ko hafi wòava eme nenema. Ne menye ɖeko edzilawo fia dzidzenu siawoe o, ke boŋ wonɔa agbe ɖe wo nu hã ko hafi wòava eme alea.
Esrɔ̃ wo abe mɔ si nu woanɔ agbe ɖo ene. Eva zu eya ŋutɔ ƒe dzidzenu si nye eya ŋutɔ ƒe akpa aɖe. Wo dzi dada azɔ manye nusi edzilawo fiae dzi dada o, ke boŋ enye nusi eya ŋutɔ zu dzi dada. Manye anukwareɖiɖi na eya ŋutɔ ɖokui o. Anye nu gbegbe le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ. (Timoteo II, 2:13) Malɔ̃ kurakura le eɖokui me be yeawɔ nusia ɖe ye ɖokui ŋu o. Eyata madzɔ bɔbɔe be ‘wòadze le mɔ’ si woƒã ɖe eme la ‘dzi’ o. Eyata na viwòwo nasrɔ̃ nɔnɔme nyui si nèɖena fiana tso gbɔwò. To dɔmenyonyo me fia dɔmenyonyo wo, to nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia me fia nɔnɔme nyui wo, to tufala nyenye me fia tufafa wo eye nàfia anukwareɖiɖi kple nyateƒetoto wo to wo ɖeɖe fia me.
Yehowa ƒe Ðoɖoe
Ƒomea nye ɖoɖo si Yehowa wɔ na amegbetɔ tso gɔmedzedzea me ke. (Mose I, 1:26-28; 2:18-24) Le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe ƒe akpe ade megbe la, wogabunɛ be enye nu nyuitɔ kekeake na ame tsitsiwo kple ɖeviawo siaa, abe alesi agbalẽ si nye Secrets of Strong Families ƒe nya siawo ɖo kpe edzii ene:
“Ðewohĩ nane si ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe mía me kpɔnɛ dzea sii be ƒomeae nye ŋkuʋuʋu ƒe gɔmeɖoanyi. Ðewohĩ míenya le seselelãme nu be ne míeɖo agbe ƒe sesẽaƒe la, menye ga, dɔwɔɖui, ŋkɔxɔxɔ, aƒe nyui, anyigba, alo ŋutilãmenunɔamesiwoe le vevie o—amesiwo míezɔna kplii le agbe me siwo lɔ̃ mí heléa be na mí ye. Amesiwo míezɔna kplii le agbe me siwo tsɔ wo ɖokui na mí eye míate ŋu aɖo ŋu ɖe wo ŋu hena alɔdodo kple kpekpeɖeŋu ye le vevie wu. Lɔlɔ̃, kpekpeɖeŋu, beléname, kple ɖokuitsɔtsɔna ƒe ŋutete si mí katã míedina vevie la melolo le teƒe aɖeke de ƒomea me tɔ nu o.”
Eyata ele vevie be nàdo vevie nu eye naƒã hehe nyui sia ƒe ku fifia le ƒe siwo me nɔnɔmewo le wo si sum la me ale be nusi nàva ŋe le etsɔ me la nanye ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le na mia kple viwòwo.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 3:1-7.
[Aɖaka si le axa 10]
Dzila Kae Manye?
Ŋutsuvi sue la tsɔ dzidzɔgbe do ɣli be: “Mekpɔ dzidzedze nyui le dodokpɔ me.” Fofoa biae kã be, “Nukatae mekpɔ geɖe wu o?” Vianyɔnuvi nɔ dzodoƒemɔnu yɔe be: “Danye meklɔ agbawo vɔ.” Dadaa tsɔ gbe bɔbɔe biae be, “Ètsɔ gbea ɖaƒu gbea?” Ŋutsuvi kɔkɔ la gblɔ be: “Meƒo gbea vɔ eye metsɔ gbeƒomɔ̃a ɖada ɖi” Fofoa tsɔ ŋudzedzemakpɔmakpɔ biae be, “Èlã atiawo hã taa?”
Edze abe ɖe ɖevi siwo le aƒe si le wo ŋu me kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme ene. Nusia ke dzɔ le afima hã, eye aleae wòdzɔe nye si:
Ŋutsuvi sue la tsɔ dzidzɔgbe do ɣli be: “Mekpɔ dzidzedze nyui le dodokpɔ me.” Fofoa tsɔ dada gblɔ be, “Enyo ŋutɔ; Edzɔ dzi nam be nèdze agbagba nenema.” Vianyɔnuvi nɔ dzodoƒemɔnu yɔ dadaa be: “Danye meklɔ agbawo vɔ.” Dadaa ko nu vie hetsɔ gbe blewu gblɔ be, “Melɔ̃a wò geɖe wu gbesiagbe.” Ŋutsuvi kɔkɔ la gblɔ be, “Meƒo gbea eye metsɔ gbeƒomɔ̃a ɖada ɖi.” Fofoa tsɔ dzidzɔ ɖo eŋu be, “Èna medana ɖe dziwò.”
Ðeviwo dze na kafukafu vivivi aɖewo ɖe dɔ siwo wowɔna gbesiagbe la ta. Ne woakpɔ dzidzɔ le woƒe agbe me la, eƒe akpa gã aɖe kpɔ ŋkuwò me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Vifofoa kpena ɖe vidada ŋu le ɖevia kɔkɔ me
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Nu geɖe vaa susu me na ɖeviwo, ŋutsuvi si ke abɔ me le du ƒum fia yameʋu si le dzodzom le yame, agbalẽgo gã me zua fefeƒe, xati zua sɔ si le du dzi, zikpui nye duɖimekeʋukula ƒe zikpui si dzi wònɔa anyi ɖo